Eye kpɔ ɖa, wotsɔ lãmetututɔa ɖe, si mlɔ aba dzi la, va egbɔ. Ke esi Yesu kpɔ woƒe xɔse la la, egblɔ na lãmetututɔ la bena; Vinye, na wò dzi nadze me, wotso wò nuvɔ̃awo ke wò.
eye mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, ne nyaa ɖe le amea ɖe si ɖe amea ɖe ŋuti la, alesi Kristo hã tsɔ ke mii la, miawo hã miwɔ nenema ke!
Ke amea ɖe lagblɔ bena: Wò la xɔse le asiwò, eye nye la dɔwɔwɔwo le asinye. Fia wò xɔse dɔwɔwɔ manɔŋutɔ lam, eye nye hã mafia nye xɔse wò to nye dɔwɔwɔwo me.