16 Ke ete eɖokui heyi gbedzi, eye wòdo gbe ɖa.
16 Gake zi geɖe la, edia ɣeyiɣi aɖe dona le wo dome dzaa yia gbedzi afi aɖe ɖadoa gbe ɖa.
Eye esi wòɖe asi le amehawo ŋu vɔ la, eya ɖeka yi to la dzi be, yeado gbe ɖa. Eye esi zã do la, eya ɖeka tsi afima.
Eye esi wòɖe mo na wo megbe la, edzo heyi ɖe to la dzi, be yeado gbe ɖa.;
Eye esi wòde mawutsi ta na dukɔ la katã, eye woɖee na Yesu hã la, edo gbe ɖa, eye wòva ve me bena, dziƒo ʋu,
Eye wòva ve me le ŋkeke siawo me bena, eɖo go yi to la dzi be, yeado gbe ɖa, eye wòdo ŋu hele gbe ɖom ɖa na Mawu.
Eye wòva ve me anɔ ŋkeke enyi le nya siawo megbe bena, esi wòɖe Petro kple Yohanes kple Yakobo kpe ɖe eɖokui ŋu la, eyi to la dzi, be yeado gbe ɖa.
Eye esime wòle gbe dom ɖa la, eƒe mo ƒe dzedzeme trɔ, eye eƒe awu fu tititi hele dzo dam kaŋkaŋ.
Eye esi Yesu dze sii bena, wole vava ge, eye woalé ye sesẽ aɖo fiae la, eɖe eɖokui ɖe aga yi de to la dzi.