Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 5:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye wòde se nɛ be: Megagblɔe na amea ɖeke o, ke boŋ heyi ɖatsɔ ɖokuiwò fia nunɔla, eye namè nu le wò ŋutikɔklɔ la ŋuti, ɖe alesi Mose de se la nu, wòanye ɖaseɖiɖi na wo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Azɔ Yesu de se nɛ be, “Mègagblɔ nu sia na ame aɖeke o, ke boŋ yi nàtsɔ ɖokuiwò fia nunɔla la, eye nàna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene.”

Onani mutuwo Koperani




Luka 5:14
12 Mawu Ofanana  

Ne amea ɖe ƒe ŋutigbalẽ dze haƒla, aklabi alo dzi, eye wòbe, yeatrɔ zu anyi la, ekema woakplɔ ame la ava nunɔla Aron alo viaŋutsu, siwo nye nunɔlawo la, dometɔ ɖeka gbee.


eye ne nusi le awu alo lãgbalẽ, avɔ alo nu lɔlɔ̃a ɖe alo nusi wotsɔ lãgbalẽ wɔe la me, de amamatsi alo de dzẽ wɔ ge la, ekema anyie wònye, eye woatsɔe afia nunɔla.


eye woakplɔ mi ayi ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ƒe ŋku me le tanye, ne wòanye ɖaseɖiɖi na woa kple trɔ̃subɔlawo.


eye wogbe nya na wo bena, woagana wòanya ye o;


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, megagblɔe na amea ɖeke o; ke heyi ɖatsɔ ɖokuiwò fia mawununɔla boŋ, eye natsɔ nunana, si Mose ɖo anyi la, ana, ne wòanye ɖaseɖiɖi na wo.


Eye woƒe ŋkuwo ʋu. Eye Yesu gbe nya na wo vevie gblɔ bena: Kpɔ ɖa, migana amea ɖeke nanyae o.


eye wògblẽ nɛ bena: Kpɔ nyuie! Megagblɔ naneke na amea ɖeke o; ke heyi natsɔ ɖokuiwò afia mawununɔla boŋ, eye na nusiwo ŋuti Mose de se ɖo la, le wò ŋutikɔklɔ la ŋuti, ne wòanye ɖaseɖiɖi na wo.


Eye teƒe, si womexɔ mi le o, alo womeɖo to mi le o la, ne miele dzodzo ge le afima la, miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋuti ɖe anyi, ne wòanye ɖaseɖiɖi na wo. Vavã mele egblɔm na mi bena: Mele sesẽ ge na Sodomtɔwo kple Gomoratɔwo le ʋɔnudrɔ̃gbe la abe du ma ene o.


Eye esi wòkpɔ wo la, egblɔ na wo bena: Miheyi ɖatsɔ mia dokui tia nunɔlawo. Eye wòva ve me, esi woyina la, wo ŋuti kɔ.


Eye wòdo abɔ da hede asi eŋu gblɔ bena: Melɔ̃, ŋutiwò nakɔ! Eye enumake anyi la vɔ nɛ.


Eye amesiwo mexɔ mi o la, ne miele dzodzo ge le du ma me la, miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋuti hena ɖaseɖiɖi ɖe wo ŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa