Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 5:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye wòdo abɔ da hede asi eŋu gblɔ bena: Melɔ̃, ŋutiwò nakɔ! Eye enumake anyi la vɔ nɛ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Yesu ka asi ŋutsua hegblɔ be, “Mèlɔ̃, ŋutiwò nekɔ!” Ŋutsua ŋuti kɔ enumake, eye dɔ la vɔ le eŋu.

Onani mutuwo Koperani




Luka 5:13
15 Mawu Ofanana  

Eye Mawu gblɔ be: Kekeli nedo! Eye kekeli do.


Eye Mawu gblɔ be: Tsi, si le dziƒoa te la, neƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka, bena ƒuƒuiƒe nadze! Eye wòva me nenema.


Eye Elisa do ame ɖo ɖee, ne woagblɔ nɛ be: Yi ɖale tsi zi adre le Yordan me, ekema wò ŋutigbalẽ aɖɔ ɖo, eye wò ŋuti aka.


Tete wòɖi abu yi ɖado ɖi ɖe Yordan me zi adre le Mawu ƒe ame ƒe nya la nu, eye eƒe ŋutigbalẽ zu abe ŋutsuvi dzaa ɖe ƒe ŋutigbalẽ ene, eye eŋuti kɔ.


Elabena eƒo nu, eye wòva me; ede se, eye wòɖo di.


Maɖe mi atso miaƒe nu makɔmakɔwo katã me; mayɔ bli vɛ, mana wòasɔ gbɔ, eye nyemahe dɔwuame ava mia dzi o.


Asur mate ŋu axɔ na mí o, míagado sɔwo o, eye míagayɔ míaƒe asinudɔwɔwɔ be mía Mawu azɔ o, elabena gbɔwò nublanuikpɔkpɔ le na tsyɔ̃eviwe.“


Tete Yesu do abɔ da, eye wòde asi eŋu gblɔ bena: Meli, ŋutiwò nekɔ! Eye enumake eƒe anyi la kɔ ɖa.


Eye esi wòtsi tre bi ɖe edzi la, ewo ɖe ŋudza la ta, eye wòdzo le edzi; ke etsi tre enumake, eye wòsubɔ wo.


Eye wòva ve me bena, esime wòle duawo dometɔ ɖeka me la, kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe li, si ŋu yɔ fũ kple anyi, ke esi wòkpɔ Yesu la, edze klo tsyɔ mo anyi, eye wòɖe kuku nɛ bena: Aƒetɔ, ne èlɔ̃ ko, àte ŋu aklɔ ŋutinye.


Eye wòde se nɛ be: Megagblɔe na amea ɖeke o, ke boŋ heyi ɖatsɔ ɖokuiwò fia nunɔla, eye namè nu le wò ŋutikɔklɔ la ŋuti, ɖe alesi Mose de se la nu, wòanye ɖaseɖiɖi na wo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa