Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 5:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 nenema ke hãe nye Yakobo kple Yohanes, Zebedeo ƒe viwo, amesiwo nye Simon ƒe hadɔwɔlawo. Eye Yesu gblɔ na Simon bena: Megavɔ̃ o! Tso esia dzi yina la èle amewo ɖe ge.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Nenema kee nye Yakobo kple Yohanes ame siwo nye Zebedeo viwo, eye woganye Simɔn ƒe dɔwɔhatiwo hã. Yesu gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o. Tso azɔ dzi heyina la, miazu amewo ɖelawo!”

Onani mutuwo Koperani




Luka 5:10
14 Mawu Ofanana  

Dziƒofiaɖuƒe la gaɖi ɖɔ, si woɖi ɖe ƒu me, eye wòɖe lã ƒomevi geɖewo;


Enumake Yesu ƒo nu na wo gblɔ bena: Miaƒe dzi nèdze me, nye enye esi; migavɔ̃ o hee!


Tete Zebedeo viwo dada va egbɔ kple eƒe ŋutsuvi eve, eye wòdze klo nɛ le nane biamii.


Eye wògblɔ na wo bena: Miva nɔ yonyeme, eye mawɔ mi mianye ameɖelawo!


Ke esi wòdzo le afima te yi ŋgɔ la, ekpɔ nɔviŋutsu bubu eve, Yakobo, si nye Zebedeo vi, kple nɔvia Yohanes, wole ʋu me kple wo fofo Zebedeo hele woƒe aɣliwo sam, eye wòyɔ wo.


Eye Yesu gblɔ na wo bena: Miva nɔ yonyeme, eye mawo mi míazu ameɖelawo.


eye wòmia asi wo tɔ, siwo le ʋu bubu me la bena, woava ade asi eme na yewo. Eye wova, eye woyɔ ʋuawo kple eve fũ, ale be woɖe asi toyiyi me.


Elabena kuvia ɖoe kple amesiwo katã kpe ɖe eŋuti, le ɖɔɖiɖi zi ɖeka ƒe lã, si woɖe la ŋuti;


Simon, si woyɔna hã be Petro, kple nɔvia Andrea, Yakobo kple Yohanes, Filipo kple Bartolomeo,


Simon Petro kple Toma, si woyɔna be Venɔvi, kple Natanael tso Kana le Galilea kple Zebedeo ƒe viwo kpakple eƒe nusrɔ̃lawo dome ame bubu eve, wole afi ɖeka.


Eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la ya wo katã taŋtaŋ, eye wode asi gbe bubuwo gbɔgblɔ me, abe alesi Gbɔgbɔ la na wo, be woaƒo nui ene.


Le Tito gome la, nye zɔhɛ wònye, eye hadɔwɔla wònye le mia gbɔ; le nɔvi, siwo tso mía gbɔ gome la, hame ƒe ame dɔdɔwo wonye kple bubu na Kristo.


eye woaganyɔ̃ avo atso Abosam, si lé wo aboyo, bene woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la ƒe mɔ me mahĩ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa