Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 5:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye wòva ve me, esi ameha la mimii ɖo, be wòase mawunya la bena, ye ŋutɔ le tsitre ɖe Genezaret-ta la nu;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Gbe ɖeka esi Yesu le tsitre nɔ nu fiam le Genesaret ƒuta la, ameha gã aɖe va ƒo zi ɖe eŋu be yewoase Mawu ƒe nya la.

Onani mutuwo Koperani




Luka 5:1
21 Mawu Ofanana  

Eye liƒo la natso Sefam ato Ribla le Ain ƒe ɣedzeƒe gome, eye liƒo la nazɔ Kineret-ta ƒe ɣedzeƒekpa ŋu.


Eye tso Yohanes mawutsidetanamela ƒe ŋkekeawo dzi vaseɖe egbegbe dzi la woƒo zi ɖe dziƒofiaɖuƒe la ŋuti, eye amesiwo ƒo zi ɖe eŋuti la, woawoe le eham.


Eye esi wotso ƒua la, woɖo Genezaret-nyigba la dzi.


Eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena, woadzra ʋuvi la do na ye le ameha la ŋuti bena, ne woagamimi ye ɖo o;


Eye wògade asi nufiafia me le ƒua nu, eye ameha gã ŋutɔ ƒo ƒu ɖe eŋu ale bena, wòyi ɖe ʋu me, eye wòbɔbɔ nɔ eme le ƒua dzi, ke ameha la katã le ƒua nu.


Eye wòyi kplii, eye ameha gãa de dze eyome ale be, womimii do.


Eye wotso ƒu la ɖi go ɖe Genezaret.


Esi ameha, si ƒe xexlẽme ade akpeakpewo, va ƒo ƒu ale bena, wole afɔ ɖom wo nɔewo dzi la, ede asi gbɔgblɔ me na eƒe nusrɔ̃lawo gbã bena: Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le farisitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã, si nye alakpadada la, ŋuti.


eye wòkpɔ ʋu eve le ta la nu; ke ɖɔkplɔlawo do go tso wo me, eye wole woƒe dɔwo kpalam.


Ke eva ve me le ŋkeke mawo dome ɖeka dzi bena, eya ŋutɔ kple eƒe nusrɔ̃lawo yi ɖe ʋua ɖe me, eye wògblɔ na wo bena: Mina ne míayi ta la godo, eye woɖe ʋu yi.


Eye esi woɖe ʋua la, edɔ alɔ̃, eye ahom tu le ta la dzi, eye woƒe ʋu la yɔ, eye woɖo xaxa me.


Eye gbɔgbɔ vɔ̃wo do go tso ame la me heyi ɖe hawo me, eye hawo si du kplikplikpli tso to la kɔgo ge ɖe ƒu la me, eye wono tsi ku.


Eye Yesu gblɔ bena: Amekae nye amesi de asi ŋutinye mahã? Eye esi wo katã wosẽ nu la, Petro kple amesiwo kpe ɖe eŋu la, gblɔ bena: Amegã, amehawo mimi wò ɖo, eye wote ɖe dziwò, eye nèle gbɔgblɔm bena: Amekae de asi nunyea?


Eye ame eveawo dometɔ ɖeka, si se Yohanes ƒe nuƒoƒo, eye wòdze Yesu yome la, enye Andrea, Simon Petro nɔvi.


Nusiawo megbe la Yesu dzo yi ɖe Galilea-ƒu, si nye Tiberia-ƒu la godo.


hekpe ɖe tagba la kple Yordan ŋu, si enye liƒo tso Kineret vaseɖe tagbaƒu, si enye Dzeƒu la nu, le Pisga ƒe aganu le ɣedzeƒe gome.


Miɖo ŋku mia nunɔlawo, amesiwo gblɔ mawunya na mi la dzi, eye mikpɔ woƒe agbenɔnɔ ƒe nuwuwu la ɖa, ne miasrɔ̃ woƒe xɔse.


tso gbadzaƒe heyi Kinerot-ƒu la nu le ɣedzeƒe heva tagbaƒu, si nye Dzeƒu la nu, le ɣedzeƒe heɖo ta Bet-Yesimot, vaseɖe Pisga ƒe aga nu le dziehe.


Bel-Haram, Bet-Nimra, Sukot kple Zafon, siwo le bali la me, woawo nye Sixon, Xesbon-fia, ƒe fiaɖuƒe kpɔtɔea, Yordan kple eŋu nyigba, vaseɖe Kineret-ta ƒe mlɔenu, le Yordan ƒe go keme dzi le ɣedzeƒe gome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa