Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 4:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye Yesu xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Woŋlɔ ɖi bena: „Aƒetɔ, wò Mawu la, naɖe la agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.“

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Abe ale si woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea mee ene la, Mawu ɖeka hɔ̃ɔ ko wòle be míasubɔ.”

Onani mutuwo Koperani




Luka 4:8
14 Mawu Ofanana  

Eye Xizkiya do gbe ɖa le Yehowa ŋku me gblɔ bena: Yehowa, Israel ƒe Mawu, asi nɔa Kerubiwo dzi, wò ɖeka koe nye Mawu ɖe anyigba dzi fiaɖuƒewo katã dzi, wòe wo dziƒo kple anyigba.


Ŋu akpe wo, eye ŋɔ adzi wo tegbee, woƒe mo atsi dã, eye woatsrɔ̃,


Woabɔbɔ amegbetɔwo ƒe ŋku kɔkɔwo ɖe anyi, eye woate ŋutsuwo ƒe dàda ɖe to, ale be Yehowa ɖeɖeko lanye gã le ŋkeke ma dzi.


Ke etrɔ gblɔ na Petro bena: Te ɖa yi megbenye, Satana! Nuɖiaɖia nènye nam, elabena menye Mawu tɔ nesusu o, negbe nusi nye amegbetɔwo tɔ ko.


Tete Yesu gblɔ ne bena: Te ɖa le gbɔnye, Satana! Elabena woŋlɔ ɖi bena: „Aƒetɔ, wò Mawu la, nade ta agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.“


Eye Yesu xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Woŋlɔ ɖi bena: „Menye abolo ɖeɖeko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe le Mawu ƒe nya sia nya ŋuti.“


Azɔ wò ta, ne ède ta agu nam la, wo katã lazu tɔwo.


Vɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nasubɔe, ku ɖe eŋu, eye eƒe ŋkɔ dzi naka atam ɖo.


Vɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nasubɔe, eye natsɔ eƒe ŋkɔ aka atame.


Eyaŋuti mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu te; ke mitsi tre ɖe Abosam ŋu, eye wòasi le mia gbɔ.


minɔ tsitre sesĩe ɖe eyama ŋuti le xɔse me, esi mienyae bena, fukpekpe mawo ke va mia nɔvi, siwo le xexeame la dzi.


Eye medze klo ɖe eƒe afɔ nu, be made ta agu ne. Eye wògblɔ nam be: Kpɔ ɖa, megawɔe o, wò hadɔla kple nɔviwò, siwo lé Yesu ƒe ɖaseɖiɖi ɖe asi la, ƒe hadɔla menye; de ta agu na Mawu ko! Elabena Yesu ƒe ɖaseɖiɖi la enye nyagblɔɖigbɔgbɔ.


Eye wògblɔ nam bena: Kpɔ ɖa, megawɔe o, wò hadɔla kple nɔviwò, siwo nye nyagblɔɖilawo kple amesiwo lé agbalẽ sia me nyawo me ɖe asi la, ƒe hadɔla menye; de ta agu na Mawu ko!


Tete Samuel gblɔ na Israel ƒe aƒe blibo la bena. Ne mietrɔ ɖe Yehowa ŋu kple miaƒe dzi blibo la, ekema miɖe mawu bubuwo kple Astartewo ɖa le mia dome; mitsɔ miaƒe tame ɖo Yehowa ŋu, eye misubɔ eya ɖeɖeko, ne wòaɖe mi tso Filistitɔwo si me!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa