21 Eye wòde asi gbɔgblɔ me na wo bena: Egbe wowu ŋɔŋlɔ sia nu le miaƒe towo me.
21 Yesu gagblɔ na ameawo be, “Mawunya sia va eme le egbeŋkeke sia dzi.”
Eye woawu Yesaya ƒe nyagblɔɖi, si wògblɔ le wo ŋuti la nu bena: „Miase nu kple to, eye miele egɔme se ge gbeɖe o; míakpɔ nu kple ŋku, eye miele si dze gee gbeɖe o;
Eye esi wòtu agbalẽa la, etsɔe na dɔla la, eye wòbɔbɔ nɔ anyi, eye amesiwo katã le ƒuƒoƒea la, fɔ ŋku ɖe edzi dzoɣlii.
Eye ameawo katã ɖi ɖase nɛ, eye woƒe mo wo yaa le amenuvevenya, siwo do go tso eƒe nu me lã ŋuti, eye wogblɔ bena: Alo amesia la menye Yosef vie o ɖe?
Miele ŋɔŋlɔawo me dzrom tsitotsito; elabena miesusu bena, miekpɔa agbe mavɔ le wo me, eye woamawo nye nusiwo le ɖase ɖim le ŋutinye;
Ke ale Mawu wu nya, siwo wògblɔ ɖi to eƒe nyagblɔɖilawo katã ƒe nu me bena, eƒe Kristo akpe fu la nu.