Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 4:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Eye esi wòtu agbalẽa la, etsɔe na dɔla la, eye wòbɔbɔ nɔ anyi, eye amesiwo katã le ƒuƒoƒea la, fɔ ŋku ɖe edzi dzoɣlii.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 Esi wòxlẽ nya siawo vɔ la, etu agbalẽa, tsɔe na dɔla la, eye eya ŋutɔ yi ɖanɔ anyi. Ke ame siwo katã nɔ ƒuƒoƒea la fɔ ŋku ɖe edzi gãa.

Onani mutuwo Koperani




Luka 4:20
13 Mawu Ofanana  

Le gaƒoƒo ma dzi Yesu gblɔ na amehawo bena: Alesi wotsona ɖe hlɔ̃dola ŋuti la, nenemae mieva lé ye ge kple yiwo kple kpowo; gbãwotsyogbe mebɔbɔ nɔ anyi ɖe mawuƒe la me le nu fiãm, eye mielém kpɔ o.


eye wòtsɔe mlɔ ye ŋuta ƒe yɔdo yeye, si wòna woɖe ɖe kpe gbadza me la me; eye esi wòmũ kpe gãa ɖe ɖo yɔdo la nu la, edzo.


eye womekpɔ alesi woawɔ o; elabena dukɔ la katã ku de eŋu hele to ɖomii.


Eye wotso nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ nɛ, eye esi wòdu agbalẽa la, ekpɔ teƒe, afisi woŋlɔ ɖo bena:


Eye wòde asi gbɔgblɔ me na wo bena: Egbe wowu ŋɔŋlɔ sia nu le miaƒe towo me.


Eye esi woge ɖe ʋu ɖeka, si enye Simon tɔ me la, eɖe kuku nɛ be, wòatee ayii atso go ŋu ʋee. Eye esi wòbɔbɔ nɔ ʋua me la, efiã nu ɖo ɖe amehawo.


Eye le ŋdikanya la egava mawuƒe la me, eye ameha la katã va egbɔ, eye esi wòbɔbɔ nɔ anyi la, efiã nu wo.


Eye le Sabat-ŋkeke dzi la mieɖo go tso dua me yi ɖe tɔ nu, afisi míesusu bena, enye woƒe gbedoɖaƒe: eye esi míebɔbɔ nɔ anyi la, mieƒo nu na nyɔnu, siwo va ƒo ƒu ɖi.


Eye esi Petro kpɔe la, egblɔ na dukɔ la bena: Israel-ŋutsuwo, nukaŋuti miaƒe mo wɔ yaa le amesia ŋuti mahã? Alo nuka wɔ, eye mielé ŋku ɖe mia dzi gã, abe ɖe mieto mia ŋutɔwo ƒe ŋusẽ, alo vɔvɔ̃ na Mawu dzi wɔ be, amesia le azɔli zɔm ene?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa