13 Eye esi Abosam wu tetekpɔwo katã nu la, ete ɖa le egbɔ gbɔ.
13 Esi Abosam wu tetekpɔwo katã nu la, egblẽ Yesu ɖi dzo le egbɔ hena ɣeyiɣi bubu.
Tete Abosam gblẽe ɖi, eye kpɔ ɖa, mawudɔlawo va subɔe.
Eye Yesu xɔ edzi nɛ bena: Wogblɔ ɖi bena: „Megate Aƒetɔ, wò Mawu la, kpɔ o!“
Eye Yesu gbugbɔ yi Galilea le Gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ me; eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le afima nutoawo katã me godoo.
Nyemagaƒo nu geɖe kpli mi o; elabena xexeamefia gbɔna, eye mekpɔ naneke le ŋunye o;
Elabena menye nunɔlagã, si mate ŋu anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mi o lae le mía si o, ke boŋ enye amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene, negbe nuvɔ̃ koe mele eŋu o.
Eyaŋuti mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu te; ke mitsi tre ɖe Abosam ŋu, eye wòasi le mia gbɔ.