Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 3:36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

36 amesi nye Kainan vi, amesi nye Arfaksad vi, amesi nye Sem vi, amesi nye Noa vi, amesi nye Lamex vi,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

36 Sela fofoe nye Kainan, Kainan fofoe nye Arfaxad, Arfaxad fofoe nye Sem, Sem fofoe nye Noa, Noa fofoe nye Lamek,

Onani mutuwo Koperani




Luka 3:36
22 Mawu Ofanana  

Eye esi Adam xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃ la, edzi ŋutsuvia ɖe, si ɖii, eye wòyɔe bena Set.


Eye Noa wɔe; alesi Mawu de se nɛ la, nenema pɛ wòwɔ.


Le ŋkeke ma dzi tututu Noa kple viaŋutsuwo: Sem, Xam kple Yafet kple Noa srɔ̃ hekpe ɖe viaŋutsuawo srɔ̃ etɔ̃awo ŋuti, woyi ɖe aɖakaʋu la me;


Nusianu, si nɔ anyigba dzi, tso amewo dzi vaseɖe aƒemelãwo kple nu tatawo kpakple dziƒoxe dzodzoewo dzi, wotsrɔ̃ wo ɖa le anyigba dzi; negbe Noa kple nusiwo le egbɔ le aɖakaʋua me koe tsi agbe.


Eye Mawu ɖo ŋku Noa kple gbemelã kple aƒemelã, siwo katã le egbɔ le aɖakaʋua me la dzi, eye Mawu na ya ƒo ɖe anyigba dzi, ale bena tsia de asi miemie me.


Eye Mawu yra Noa kple viaŋutsuawo, eye wògblɔ na wo bena: Midzi, ne miasɔ gbe, eye miayɔ anyigba la dzi!


Noa ƒe viŋutsu, siwo do go le aɖakaʋua me la, woawo nye: Sem, Xam kple Yafet; Xam sia enye Kanaan fofo.


Sem viwo nye: Elam, Asur, Arpaxsad, Lud, Aram, Uz, Xul, Geter kple Mesex.


eye ŋutsu etɔ siawo: Noa, Daniel kple Hiob le edzi la, woaɖe woƒe agbe le woƒe dzɔdzɔenyenye ta, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Wole nuɖuɖu dzi, wole nunono dzi, wole srɔ̃ɖeɖe dzi, eye wole wo tsɔm na, be woaɖe, vaseɖe ŋkeke, si dzi Noa yi de aɖakaʋu la me, eye tsiɖɔɖɔ va, eye wotsrɔ̃ wo katã.


amesi nye Seruk vi, amesi nye Regu vi, amesi nye Peleg vi, amesi nye Eber vi, amesi nye Sala vi,


amesi nye Metusala vi, amesi nye Enox vi, amesi nye Yared vi, amesi nye Mahalaleel vi, amesi nye Kainan vi,


Le xɔse me Noa, esime wòxa ɖeɖefia tso Mawu gbɔ le nusiwo womekpɔ haɖe o ŋuti la, etsɔ mawuvɔvɔ̃ wɔ aɖakaʋu hena eƒemetɔwo ɖeɖe, nusi me wòto bu fɔ xexemetɔwo, eye wòzu dzɔdzɔenyenye, si tso xɔse me la, ƒe domenyila.


amesiwo sẽ to tsã, esime Mawu ƒe dzigbɔgbɔ blewu la lala le Noa ƒe ŋkekeawo me, esime wòle aɖakaʋu dzram ɖo, si me woɖe ame ʋee, siwo le luʋɔ enyi la le hetso tsi me,


eye mekpe blema xexeme la ƒe nublanui o, negbe Noa, dzɔdzɔenyenye le gbeƒãɖela la, hekpe ɖe ame adre bubuawo ŋu ko wòdzra ɖo, esime wòhe tɔɖɔɖɔ va ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexeme dzi;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa