Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 24:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Alo míaƒe dzi melé dzo le mia me, esi wòle nu ƒom na mi le mɔa dzi, eye wòle ŋɔŋlɔawo me ɖem na mí la o mahã?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

32 Ame eveawo de asi gbɔgblɔ me be, “Mèkpɔe be míaƒe dziwo lé dzo ŋutɔ le esime wònɔ mawunya la me ɖem na mí le mɔa dzi oa?”

Onani mutuwo Koperani




Luka 24:32
14 Mawu Ofanana  

Nye susuwo avivi enu; nye la, Yehowa ŋu ko makpɔ dzidzɔ ɖo.


Doɖoe zi le ŋunye klenee, eye mezi ɖoɖoe le dzɔgbenyuiewo ŋu, ke nye vevesesewo do gã ɖe dzi.


Alesi wotsɔa ga nyrea gae la, nenema ame nyrea nɔviae.


Ami kple dzudzɔ ʋeʋẽe donu doa dzidzɔ na dzi; xɔlɔ̃ ƒe nya vivi nyo wu ame ŋutɔ ƒe aɖaŋuɖoɖo.


Aƒetɔ Yehowa tsɔ nusrɔ̃viwo ƒe aɖe nam, ne manya alesi matsɔ nuƒoƒo akpe ɖe amesiwo ŋu ɖeɖi te la ŋui. Enyɔam ŋdi sia ŋdi, eʋua to nam, ne mase nu abe nusrɔ̃vi ene.


Esi wò nyawo ɖo gbɔnye la, memi wo, eye wò nyawo nye vivisese kple dzidzɔ na nye dzi, elabena wo ŋkɔe woyɔ ɖe ŋunye, Yehowa, Mawu Zebaot.


Eye ne mebe, maɖe ŋku ɖa le edzi, eye magaƒo nu le eƒe ŋkɔ me o la, enɔa nye dzi me abe dzobibi nue wotu nu ɖo ɖe nye ƒuwo me ene, etsɔtsɔ tia ko nam, eye wògloam.


Yehowa be: Ɖe nye nya mele abe dzo ene, eye abe zũ, si agba agakpe gudugudu la ene oa?


Eye ne menye lododowo o la, meƒoa nu na wo o; ke ne eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe woli la, eɖea nuwo katã gome fia wo.


Tete woʋu woƒe tame, bena wòase ŋɔŋlɔawo gome;


Gbɔgbɔ ta gbɔa agbe, ŋutilã menyo na naneke o; nya, siwo megblɔ na mi la, Gbɔgbɔ kple agbe wonye.


Eye esi woɖo ŋkeke nɛ la, ame geɖewo va egbɔ le eƒe dzeƒe la, amesiwo wògblɔ nya la na hele ɖase ɖim le mawufiaɖuƒe la ŋuti, eye wòle eƒom ɖe wo nu le Yesu ŋuti tso Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo me tso ŋdikanya vaseɖe fiẽ.


Elabena Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nue-vee sia yi nuevee, eye wòƒona ɖe ame yina ɖe eme, halase esime wòmãa luʋɔ kple gbɔgbɔ kple ƒunukpeƒeewo kpakple ƒutomemi me, eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa