Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 24:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Egblɔ na wo bena: Ka wòe? Eye woɖo ŋu nɛ bena: Yesu, Nazaretetɔ la, ŋutinyae, amesi nye nyagblɔɖila ŋusẽtɔ le nuwɔwɔ kple nyagbɔgblɔ me le Mawu kple dukɔ la ƒe ŋku me;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Yesu gabiae be, “Nya kae dzɔ?” Ŋutsua ɖo eŋu nɛ be, “Nya siwo dzɔ ɖe Yesu, ŋutsu si tso Nazaret dzi lae mewɔnɛ. Ŋutsu sia nye nyagblɔɖila xɔŋkɔ aɖe si wɔ nu wɔnukuwo eye wòganye nufiala deŋgɔ aɖe si tɔgbi mebɔ o. Le nyateƒe me la, ede ŋgɔ ŋutɔ le Mawu kple amegbetɔwo siaa ŋkume.

Onani mutuwo Koperani




Luka 24:19
13 Mawu Ofanana  

Eye amehawo gblɔ bena: Amesia enye nyagblɔɖila Yesu, si tso Nazaret le Galilea.


Nya ka le mía kple wò dome, wò Yesu Nazaretetɔ? Ɖe nèva mía tsrɔ̃ ge mahã? Menya amesi nènye, Mawu ƒe kɔkɔetɔ la nènye.


Eye wo dometɔ ɖeka, si ŋkɔ nye Kleopa la, do ŋu gblɔ ne bena: Alo wò ɖeka koe dze Yerusalem, eye mènya nusiwo va dzɔ le eme le ŋkeke siawo me o mahã?


Eye vɔvɔ̃ lé wo katã, eye wokafu Mawu gblɔ bena: Nyagblɔɖila gãa ɖe tsi tre le mia dome, eye Mawu kpɔ eƒe dukɔ la ɖa.


Amesia va egbɔ le zã me, eye wògblɔ nɛ bena: Rabi, mienya bena, nufiala nènye tso Mawu gbɔ va; elabena amea ɖeke mate ŋu awɔ dzesi, siwo nèwɔna o, ne menye Mawue li kplii o.


Nyɔnua gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, medze sii bena, nyagblɔɖila nènye.


Azɔ esi ameawo kpɔ dzesi, si wowu la, wogblɔ bena: Vavã amesia nye nyagblɔɖila, si gbɔna ɖe xexeame.


Woɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Alo wò hã Galileatɔ nènye mahã? Dzro me, eye nakpɔ bena, nyagblɔɖilaa ɖeke metsi tre tso Galilea kpɔ o.


Yesu, Nazaretetɔ la, alesi Mawu tsa Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple ŋusẽ hesi nɛ, amesi tsa hele nu nyui wɔm, eye wòda gbe le amesiwo katã dzi Abosam ɖu la ŋu, elabena Mawu li kplii.


Israel-ŋutsuwo, miɖo to nya siawo! Yesu, Nazaretetɔ la, ŋutsu, si ŋuti Mawu na kpeɖoɖodzi mi le to nu dzɔtsuwo kple nukunuwo kple dzesiwo, siwo Mawu wɔ to eyama dzi le mia titina la me, abe alesi mia ŋutɔwo mienyã ene;


Eye wotia Egiptetɔwo ƒe nunyawo katã Mose, eye wòsẽ ŋu le eƒe nyawo kple dɔwɔwɔwo me.


Yehowa, wò Mawu, le nyagblɔɖila ɖe ɖo ge na wò tso nɔviwòwo dome abe nye ene, ame sia miaɖe toe!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa