14 Eye wole dze ɖom kple wo nɔewo le nusiawo katã, siwo va dzɔ la ŋuti.
14 Wonɔ dze ɖom kple wo nɔewo tso nu siwo katã va dzɔ la ŋuti.
Elabena nye Yehowa nyemetrɔ o, eye mi Yakob hã miedzudzɔ o.
Eye kpɔ ɖa, le ŋkeke ma dzi la wo dome ame eve yina de kɔƒea de, si ŋkɔ nye Emaus la me, eya kple Yerusalem dome anɔ stadio blaade.
Eye wòva ve me bena, esi wole dze ɖom, eye wole wo nɔewo biam la, Yesu ŋutɔ va tu wo hele azɔli zɔm kpli wo.
Ame nyui la ɖea nu nyui doa go tsoa eƒe dzi ƒe nu nyui dzraɖoƒe; eye ame vɔ̃ɖi la ɖea nu vɔ̃ɖi doa go tsoa eƒe nu vɔ̃ɖi dzraɖoƒe; elabena nya, si, ke wu dzi la, eyae nu gblɔna.
Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mo dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.