Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 23:51 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

51 (amesia melɔ̃ woƒe adaŋudede kple woƒe nuwɔwɔ dzi o,) etso Arimatia, si nye Yudatɔwo ƒe dua ɖe la, eye wòle mawufiaɖuƒe la lalam;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

51 ame si melɔ̃ ɖe woƒe aɖaŋudede kple woƒe nuwɔwɔ dzi o la nɔ anyi, etso Yuda du si woyɔna be Arimatia la me, eye wònye ame si le mɔ kpɔm na mawufiaɖuƒe la ƒe vava.

Onani mutuwo Koperani




Luka 23:51
13 Mawu Ofanana  

Yehowa, wò ɖeɖe la ko lalam mele!


Meganɔ ha yome le nu vlo wɔwɔ me o, eye megade ame geɖewo dzi le dzrenya me ate nya dzɔdzɔe la ɖe to o.


Vinye, ne nuvɔ̃wɔlawo le nuwò blem la, megalɔ̃ edzi o!


Migayɔ nusiwo katã dukɔ sia yɔna be nugbeɖoɖo la, be nugbeɖoɖo o, migavɔ̃ nusi wovɔ̃na la o, eye megadzi ŋɔ na mi o.


Eye esi fiẽsi ɖo la, ŋutsu kesinɔtɔa ɖe tso Arimatia, si ŋkɔ nye Yosef, amesi ŋutɔ hã nye Yesu ƒe nusrɔ̃la,


Yosef tso Arimatia, si nye adaŋudela ŋkutatɔ, amesi ŋutɔ hã le mɔ kpɔm na Mawu ƒe fiaɖuƒe la va, eye wòdo dzi yi ɖe Pilato gbɔ ɖabia Yesu ƒe kukua.


Eye kpɔ ɖa, amea ɖe le Yerusalem, si ŋkɔ enye Simeon: amesia enye ame dzɔdzɔe kple mawumeme, si le Israel aƒe akɔfafa lalam, eye Gbɔgbɔ kɔkɔe le eyama dzi.


Eya hã va tsi tre le gaƒoƒo ma ke dzi, le Aƒetɔ kafum, eye wòƒo nu le eŋuti na amesiwo katã le Yerusalem ƒe ɖeɖe lalam.


Eye wògblɔ bena: Yesu, ɖo ŋku dzinye, ne eva ɖo wò fiaɖuƒe la me.


amesia yi Pilato gbɔ ɖabia Yesu ƒe kukua.


Ŋutsua ɖe tso Ramatayim-Zofim le Efrayim-to la dzi, eŋkɔ nye Elkana, amesi nye Yeroxam vi, amesi nye Elihu vi, amesi nye Toxu vi, amesi nye Zuf vi, eye wònye Efrayimtɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa