42 Eye wògblɔ bena: Yesu, ɖo ŋku dzinye, ne eva ɖo wò fiaɖuƒe la me.
42 Eyi edzi be, “Yesu ɖo ŋku dzinye le wò fiaɖuƒe la me.”
Ke nye la meɖo fianye le Zion, nye to kɔkɔe la dzi.
Ke mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si ke atsɔm aʋu me le amewo ƒe ŋku me la, Amegbetɔvi la hã aʋu eyama me le mawudɔlawo ƒe ŋku me;
Ke nudzɔla la tsi tre le adzɔge ke, eye melɔ̃ be, yeawu eƒe mo hã dzi akpɔ dziƒo o; ke boŋ eƒo akɔta gblɔ bena: Mawu, kpɔ nublanui na nye, nuvɔ̃wɔla!
Ke miawo la edze mi: elabena nusi dze míaƒe nuwɔwɔwo la, eya kpɔm miele; ke amesia la mewo nu tovoa ɖeke kpɔ o.
Eye wògblɔ nɛ bena: Vavã mele egblɔm na wò bena: Egbea ke nana Paradiso la me kplim.
Alo mele na Kristo be, wòakpe nusiawo ƒe fu, eye wòayi ɖe eƒe ŋutikɔkɔe la me o mahã?
Natanael ɖo ŋu nɛ bena: Rabi, wòe nye Mawu ƒe Vi, wòe nye Israel ƒe fia.
Toma ɖo ŋu gblɔ ne bena: Nye Aƒetɔ kple nye Mawu!
Wogblɔ bena: Xɔ Aƒetɔ Yesu Kristo dzi se, eye mia kple aƒewò me míakpɔ ɖeɖe.
hele dzimetɔtrɔ yi Mawu gbɔ kple mia Aƒetɔ Yesu Kristo dzixɔxɔse ŋuti ɖase ɖim na Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa.
wodzro azãgbe kple azãgbe, si ƒomevi Kristo ƒe Gbɔgbɔ, si le wo me la, laɖe afia la me kpɔ, esime wòɖi ɖase tsã le fukpekpe, siwo le Kristo dzi va ge, kple ŋutikɔkɔe, si le wo yome dze ge la ŋuti.
Amesiame, si xɔse bena, Yesu ye nye Kristo la, Mawu me wodzii tso, eye amesiame, si lɔ̃a amesi dzii la, elɔ̃a amesi ke wodzi tso eyama me hã.