Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 23:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye Pilato gblɔ na nunɔlagãwo kple amehawo bena: Nyemekpɔ vɔ̃a ɖeke le amesia ŋu o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Pilato trɔ ɖe nunɔlagãwo kple ameha la ŋu gblɔ be, “Nyemekpɔ vodada aɖeke le ame sia ŋu o.”

Onani mutuwo Koperani




Luka 23:4
13 Mawu Ofanana  

Ke esi wòbɔbɔ nɔ ʋɔnuɖrɔ̃zikpui la dzi la, srɔ̃a dɔ ɖo ɖe egbɔ gblɔ bena: Megawɔ naneke kple ame dzɔdzɔe ma o; elabena eto ƒe zã me la mekpe fu geɖe le drɔ̃eƒe le eta.


Eye Pilato gblɔ na wo bena: Nuvɔ̃ ka gɔ̃ wòwɔ mahã? Ke wogado ɣli sesĩe wu bena: Klãe ɖe ati ŋuti!


Eye wògblɔ na wo zi etɔ̃lia ke bena: Nuvɔ̃ ka gã amesia wo mahã? Nyemekpɔ naneke le eŋu, si dze ku o; azɔ maƒoe, eye maɖe asi le eŋu!


Pilato gblɔ nɛ bena: Nukae nye nyateƒe? Eye esi wògblɔ esia la, egado go yi Yudatɔwo gbɔ, eye wògblɔ na wo bena: Nye la nyemekpɔ nya vɔ̃a ɖeke le eyama ŋuti o.


Ke esi nye la medze sii bena, mewo naneke, si dze ku o, eye eya ŋutɔ hã tsɔ eƒe nya de kaisaro si me la, meɖo bena, maɖoe ɖa.


Abraham kple Isak kple Yakob ƒe Mawu la, mia fofowo ƒe Mawu la, kɔ eƒe dɔla Yesu ŋuti, amesi miawo mietsɔ de asi, eye miegbe nu le egbɔ le Pilato ƒe ŋku me, esi ame ma tso afia bena, yeaɖe asi le eŋu.


Elabena nunɔlagã sia tɔgbe hiã míawo hã: Amesi nye kɔkɔetɔ, ame maɖifɔ, ame maƒoɖi, amesi ɖe eɖokui ɖa tso nuvɔ̃wɔlawo dome, eye wokɔe ɖe dzi wu dziƒowo,


ke boŋ kple Kristo ƒe ʋu xɔasi la abe alẽvi, si ŋu mokaka kple kpɔtsotso mele o la, ƒe ʋu ene,


amesi mewɔ nuvɔ̃a ɖeke o, eye womekpɔ beble le eƒe nu me hã o;


Elabena Kristo hã kpe fu le nuvɔ̃wo ŋuti zi ɖeka, ame dzɔdzɔe ɖe ame madzɔmadzɔ teƒe, bene wòakplɔ mí ayi Mawu gbɔ; esime wowui le ŋutilã gome, ke wogbɔ agbee le gbɔgbɔ gome;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa