37 gblɔ bena: Nenye wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la, ekema ɖe wò ŋutɔ ɖokuiwò.
37 eye wogblɔ be, “Nenye wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la, ekema ɖe wò ŋutɔ ɖokuiwò.”
Eɖe ame bubuwo, eye mate ŋu aɖe ye ŋutɔ ɖokui o; nenye Israel ƒe fia wònye la, ekema neɖi le atitsoga la ŋuti azɔ, eye miaxɔ edzi ase.
Eɖo dzi ɖe Mawu ŋuti; eya naɖee azɔ, ne elɔ̃nɛ, elabena egblɔ be, Mawuvi yenye.
Eye woŋlɔ eƒe nutsotso heɖo eƒe tagba bena: Yudatɔwo ƒe fia la.
Eye vɔ̃wɔla, siwo wohe ɖe ati ŋuti la, dometɔ ɖeka hã gblɔ busunya ɖe eŋu bena: De menye wòe nye Kristo la oa, ɖe wò ŋutɔ ɖokuiwò kple miawo hã.