Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 23:34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Eye Yesu gblɔ bena: Fofo, tsɔe ke wo, elabena womenya nusi wɔm wole o. Eye esi wòmã eƒe awuwo me la, wodzidze nu ɖe wo dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

34 Sẽe la, Yesu do ɣli sesĩe be, “Fofo tsɔ ame siawo ƒe nu vɔ̃wo ke wo, elabena womenya nu si wɔm wole la o.” Asrafowo ɖe eƒe awuwo le eŋu, eye woda akɔ ɖe ɖe sia ɖe dzi hemae.

Onani mutuwo Koperani




Luka 23:34
26 Mawu Ofanana  

Ale miagblɔ na Yosef enye si: Meɖe kuku, tsɔ nɔviwòwo ƒe nuvɔ̃ kple woƒe vodada ke wo; elabena wowɔ vɔ ɖe ŋuwò. Eyata míeɖe kuku, tsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí, elabena miawo hã míesubɔa fofowò ƒe Mawu la. Tete Yosef fa avi le nya sia ŋuti.


Mate ŋu axlẽ nye ƒuwo katã. Ke woawo kpɔe, eye wofɔ ŋku ɖe dzinye.


Eyata mana gomee ɖe ame geɖewo dome, eye eya kple kalẽtɔwo amã aboyonu, elabena etso eƒe agbe de ku me, eye wòna wobui kpe ɖe vodalawo ŋu, evɔ wònye ede ta ame geɖewo ƒe nuvɔ̃wo te, eye wòɖe kuku ɖe vodalawo ta hafi.


Le ɣemaɣi me la Yesu ɖo ŋu gblɔ bena: Fofo, dziƒo kple anyigba dzi Aƒetɔ, mekafu wò, elabena ètsɔ nusiawo ɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo, eye nèɖe woawo fia vidzĩewo;


ẽ, Fofo, elabena nenema enyo ŋuwò.


ke nye la mele egblɔm na mi bena: Milɔ̃ miaƒe ketɔwo; miyra amesiwo ƒoa fi ɖea mi, miwo nyui na amesiwo léa mi ɖe ke me; mido gbe ɖa ɖe amesiwo ƒoa ɖi mi la ta; eye mido gbe ɖa ɖe amesiwo le mia yome tim la ta,


Eye woklãe ɖe ati ŋuti, eye wòmã eƒe awuwo, esi wodzidze nu ɖe wo dzi, bene woakpɔ nusi ke ɖesiaɖe laxɔ.


Fofo, ne èlɔ̃ la, tsɔ kplu sia yii le gbɔnye; gake menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tsiwo woawɔ.


Nye la mele biabiam ɖe wo nu, menye ɖe xexeame nu mele biabiam ɖo o: ke boŋ ɖe amesiwo nètsɔ nam la nu; elabena tɔwo wonye:


Yesu ɖo ŋu ne bena: Ŋusẽa ɖeke manɔ asiwò ɖe ŋunye o, ne menye ɖe wona wò tso dziƒo o; le esia ta amesi dem asi na wò la, wɔ nuvɔ̃ wu wò.


Ke Paulo do ɣli kple gbe sesẽ gblɔ bena: Megawɔ vɔ̃a ɖeke ɖokuiwò o, elabena mí katã miele afi!


Eye azɔ la, nɔviŋutsuwo, menya bena, miewɔe le numanyamanya me abe miaƒe dziɖulawo hã ene.


Miyra amesiwo ɖa mia yome la, miyra, eye migaƒo fi de o!


si xexe sia me dziɖulawo dometɔa ɖeke medze sii o, elabena ɖe wodze sii la, anye ne womeklã ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la ɖe atitsoga ŋu o.


Eye míedzea agbagba, eye míetsia mía ŋutɔwo míaƒe asiwò wɔa dɔ; ne wodzu mí la, míeyrana; ne woti mía yome la, mieɖoa dzi tsɔnɛ;


nye amesi nye busunyagblɔla kple yometila kpakple vlodola tsã; ke wokpɔ nublanui nam, elabena mewɔe le numanyamanya me, le dzimaxɔse me.


Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe alo dzudzu dzudzu teƒe o; ke esia teƒe la miyra boŋ; elabena esia ta woyɔ mi vɛ ɖo, be mianyi yayra ƒe dome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa