Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 23:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Eye ameha gãa ɖe kple nyɔnu, siwo le konyi kple avi fam ne la, kplɔe ɖo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

27 Ameha gã aɖe kplɔe ɖo hoo, eye nyɔnu geɖewo nɔ avi fam ɖe eŋu le wo dome.

Onani mutuwo Koperani




Luka 23:27
9 Mawu Ofanana  

Elabena avũwo ƒo xlãm, ame vɔ̃ɖiwo ƒe ha ɖe to ɖem, eye woku nye asiwo kple afɔwo.


le gbɔgblɔm bena: Mieku dze na mi, eye mieɖu ɣe o; míedzi konyifaha na mi, eye mieƒo akɔta o.


Eye nyɔnu geɖewo le afima le nu kpɔm le adzɔge, amesiwo dze Yesu yome tso Galilea le esubɔm;


Eye nyɔnuwo hã le tsitre, le nu kpɔm le adzɔge; amesiawo dome Maria, Magdalatɔ, kple Maria, Yakobo suetɔ kple Yose dada, kpakple Salome wole;


Ke Yesu trɔ ɖe wo ŋu gblɔ bena: Yerusalem vinyɔnuviwo, migafa avi nam o; ke boŋ miafa avi na mia ŋutɔwo mia ɖokui kple mia viwo.


Eye nyɔnu, siwo dze eyome tso Galilea va la, kpɔ yɔdo la ɖa, kple alesi wotsɔ eƒe kuku la mlɔ anyii.


kple nyɔnua ɖewo, amesiwo wòɖe tso gbɔgbɔ vɔ̃wo kple dɔlélewo me: Maria, si woyɔna be Magdalene, amesi me gbɔgbɔ vɔ̃ adre do go le


Eye wo katã wole avi fam, eye wole konyi fam nɛ. Ke egblɔ bena: Migafa avi o! Meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Miafa avi, eye miafa konyi; ke xexeame lãkpɔ dzidzɔ; miawo la miaxa nu, gake miaƒe nuxaxa latrɔ zu dzidzɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa