Ke esi wòbɔbɔ nɔ ʋɔnuɖrɔ̃zikpui la dzi la, srɔ̃a dɔ ɖo ɖe egbɔ gblɔ bena: Megawɔ naneke kple ame dzɔdzɔe ma o; elabena eto ƒe zã me la mekpe fu geɖe le drɔ̃eƒe le eta.
Eye esi Pilato lɔ̃ bena, yeawu ameha la ƒe lɔlɔ̃nu la, eɖe asi le Baraba ŋuti na wo, eye Yesu la, esi wòna woƒoe kple atam la, etsɔe de asi, bena woaklãe ɖe ati ŋuti.
Tso esia dzi la Pilato di be, yeaɖe asi le eŋu; ke Yudatɔwo do ɣli gblɔ bena: Ne ekatse ɖe asi le amesia ŋu la, ekema menye kaisaro xɔlɔ̃ o, amesi ke tso eɖokui wɔ fia la, etsi tre ɖe kaisaro ŋu.