Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 23:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Tete wode asi enutsotso me gblɔ bena: Míekpɔ amesia wòle miaƒe dukɔ la ƒe tame trɔm, eye wògbe na amewo bena, woagadzɔ nu na kaisaro o hele gbɔgblɔm bena, ye ŋutɔe nye Kristo, fia la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Esi woɖo afi ma teti ko la, wode asi enutsotso me na Pilato be, “Ŋutsu sia le to gblẽm na dukɔa me viwo be womegadzɔ nu na Kaisaro o. Gawu la, etɔ asi akɔta be yee nye míaƒe Kristo si nye fia si gbɔna la.”

Onani mutuwo Koperani




Luka 23:2
33 Mawu Ofanana  

Esi Axab kpo Eliya la, Axab gblɔ nɛ bena: Wò, amesi he gbegblẽ va Israel dzi la, enye esia?


Ɖasefo ŋutasẽlawo tsi tre, eye wole nusi nyemenya o la biamem.


Zi nenie mi katã mialũ ɖe ame ɖeka dzi, be yewoaƒui anyi abe gli treazã kple gli gbagbã ene?


Mese ame geɖewo ƒe ameŋulili kple ŋɔdzi godoo be: „Miɖe egɔme ɖe go, ne miaɖe egɔme ɖe go“! Amesiwo katã nye xɔ̃nyewo la, le xa me ɖe nye anyidzedze ŋu be: Ɖewohĩ ana woblee, eye míaɖi ba ɖe edzi ahabia míaƒe hlɔ̃e.


Tete amegãwo gblɔ na fia la bena: Woawu ŋutsu sia, elabena ele alɔgblɔlɔ dom aʋawɔla, siwo kpɔtɔ ɖe du sia me kple dukɔ blibo la, esi wòle nya siawo tɔgbe gblɔm na wo la; elabena ŋutsu sia mele dukɔ la ƒe nyui dim o, negbe woƒe dzɔgbevɔ̃e ko.


Tete Amazya, amesi nye nunɔla le Betel la, dɔ ame ɖo ɖe Israel-fia Yerobeam, ne woagblɔ nɛ bena: Amos ɖo gbe ɖi ɖe ŋuwò le Israel ƒe aƒe la dome; anyigba la magaɖo dzi atso eƒe nyawo katã o.


Metsrɔ̃ lãkplɔvi etɔ̃ ɖa le dzinu ɖeka me; woƒe nu ti kɔ nam, eye nye nu ti kɔ na woawo hã.


Ke ne míagaɖia wo nu o la, yi ƒuta nada ƒu, eye lã, si ke naɖe gbã la, lée, eye ne èke eƒe nu la, akpɔ ga; eyae natsɔ ana wo ɖe mía kpli wò ta.


Wodo ŋu nɛ bena: Kaisaro tɔe. Tete wògblɔ na wo bena: Ekema mitsɔ nusi enye kaisaro tɔ la, na kaisaro, eye nusi enye Mawu tɔ la, na Mawu.


Eye Yesu le tsitre ɖe mɔ̃mefia la ƒe ŋku me, eye mɔ̃mefia la biae bena: Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la mahã? Yesu gblɔ nɛ bena: Wòe gblɔe.


Eye Yesu gblɔ na wo bena: Nusi nye kaisaro ta la, mitsɔe na kaisaro, eye nusi nye Mawu tɔ la, na Mawu. Eye woƒe mo wɔ yaa ŋutɔ le eŋuti.


Eye Pilato biae bena: Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la mahã? Eye wòɖo eŋu nɛ gblɔ bena: Wòe gblɔe.


egblɔ na wo bena: Miekplɔ amesia va gbɔnye abe amesi le dukɔ la ƒe tame trɔm ene; eye kpɔ ɖa, esi medrɔ̃ ʋɔnui le miaƒe ŋku me la, nyemekpɔ vɔ̃a ɖeke le amesia ŋu, si ŋuti miele enu tsom ɖo o;


Ke wogatsi edzi gblɔ bena: Ede zi dukɔ la me hele nu fiãm to Yudea katã me, eye wòdze gɔme tso Galilea vaseɖe afisia.


Tete Pilato do go va wo gbɔ, eye wògblɔ bena: Nutsotso ka mietsɔ vɛ ɖe amesia ŋu mahã?


Woɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Amesia la, ɖe menye vɔ̃wɔla wònye o la, ne miele ede ge asi na wò o.


Tso esia dzi la Pilato di be, yeaɖe asi le eŋu; ke Yudatɔwo do ɣli gblɔ bena: Ne ekatse ɖe asi le amesia ŋu la, ekema menye kaisaro xɔlɔ̃ o, amesi ke tso eɖokui wɔ fia la, etsi tre ɖe kaisaro ŋu.


Eye womate ŋu afia kpɔɖeŋu hã le nusi wotsɔ le nunye tsom la ŋu o.


Elabena miekpɔ ŋutsu sia bena, enye dɔvɔ̃ kple amesi ɖea zi Yudatɔwo katã dome le xexeame godoo, eye wònye Nazaretɔwo ƒe kɔmamã ƒe amegã,


Eyata azɔ la mitu fe na amesiame, alesi dze: Amesi tɔ nye nudzɔdzɔ la, mìdzɔ nu nɛ; amesi to nye adzɔnana la, mina adzɔe; amesi dze vɔvɔ̃ la, nuvɔ̃e; amesi dze bubu la, mibui.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa