Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 22:42 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

42 Fofo, ne èlɔ̃ la, tsɔ kplu sia yii le gbɔnye; gake menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tsiwo woawɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

42 “Fofo, nenye wò lɔlɔ̃nu la, na kplu sia nato nunye ayi, gake menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tɔwò ko woawɔ.”

Onani mutuwo Koperani




Luka 22:42
21 Mawu Ofanana  

Tete megblɔ bena: Kpɔ ɖa, megbɔna, agbalẽ me woŋlɔ nya ɖo le ŋunye.


Fɔ, fɔ, Yerusalem, tso, wò, si no dɔmedzoekplu tso Yehowa si me, èno kplu muame la kpɔ egɔme ƒiaƒiaƒia.


Ale wò Aƒetɔ Yehowa kple wò Mawu, amesi wòa avu ɖe eƒe dukɔ nu la, gblɔ esi: Maxɔ kplu muame, nye dɔmedzoekplu la, le asiwò me, eye màganoe azɔ o;


Elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ nam enye si: Xɔ dɔmedzoe ƒe weinkplu sia le asinye, eye natsɔe na dukɔ, siwo katã gbɔ maɖo wò ɖo la, woano.


Le ɣemaɣi me la Yesu ɖo ŋu gblɔ bena: Fofo, dziƒo kple anyigba dzi Aƒetɔ, mekafu wò, elabena ètsɔ nusiawo ɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo, eye nèɖe woawo fia vidzĩewo;


ẽ, Fofo, elabena nenema enyo ŋuwò.


Ke Yesu xɔ edzi gblɔ bena: Mienya nusi biam miele o. Alo miate ŋu ano kplu, si no ge malaa? Eye mawutsi, si woade ta nam la, wòadee ta na miawo hã mahã? Wogblɔ nɛ bena: Miate ŋui.


Eye esi wote yi ŋgɔ ʋee la, edze klo tsyɔ mo anyi hedo gbe ɖa gblɔ bena: Fofonye, ne ate ŋui la, na be, kplu sia nato ŋutinye ayi; gake la menye alesi nye ŋutɔ medi o, negbe alesi wòa nèdi ko.


Egayi zi evelia, eye wòdo gbe ɖa gblɔ bena: Fofonye, ne esia nu mate ŋu ayi o, wònye ɖeko manoe la, woawɔ wò lɔlɔ̃nu.


Eye wògagblẽ wo ɖi hedzo yi be, yeado gbe ɖa zi etɔ̃lia, eye wògagblɔ nenem nya mawo ke.


Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!


Eye wòbena: Aba, Fofo! Etea ŋu wɔa nuwo katã; tsɔ kplu sia yii le gbɔnye; gake menye nusi nye ŋutɔ melɔ̃ o, negbe nusi wò nèlɔ̃ ko.


Eye Yesu gblɔ bena: Fofo, tsɔe ke wo, elabena womenya nusi wɔm wole o. Eye esi wòmã eƒe awuwo me la, wodzidze nu ɖe wo dzi.


Tete Yesu gblɔ na Petro bena: Tsɔ yi la de aku; kplu, si Fofo la tsɔ nam la, ɖe nyemanoe o mahã?


Yesu gblɔ na wo bena: Nye nuɖuɖu enye bena, mawɔ amesi dom ɖa la ƒe lɔlɔ̃anu, eye mawu eƒe dɔwɔwɔ la nu.


Nyemele naneke wɔm le ɖokuinye si o; abe alesi mesena la, nenema ŋu medrɔ̃a ʋɔnu ɖo, eye nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la le dzɔdzɔe, elabena nyemedia nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu ko.


Elabena medi tso dziƒo va, menye bena mawɔ nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, negbe amesi dɔm da la ƒe lɔlɔ̃nu ko.


Eye esi mekɔ be, woaƒoe ɖe ye nu o la, miezi ɖoɖoe hegblɔ bena: Woawɔ Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa