24 Ke dzre hã ɖo wo dome bena, yewo dometɔ kae nye gãtɔ mahã?
24 Azɔ ʋiʋli ɖo nusrɔ̃lawo dome le ame si anye gãtɔ la ŋu.
Le gaƒoƒo ma dzi la nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ gblɔ bena: Azɔ ameka ƒo ta le dziƒofiaɖuƒe la me mahã?
Ke wozi kpi; elabena wole nya ʋlim le wo nɔewo dome le mɔ dzi bena: Amekae nye gãtɔ mahã?
Eye wode asi biabia me le wo nɔewo dome bena, yewo dometɔ ka gɔ̃e le nusia wo ge mahã?
Eye nusesẽa ɖe ɖo wo dome bena, yewo dometɔ kae nye gã wu?
Miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũ kple dadavilɔlɔ̃, mitre mia nɔewo bubu!
Lɔlɔ̃ la gbɔa dzi blewu, eƒe dɔme nyona; lɔlɔ̃ la meʋãa ŋu o, lolo fa meƒoa adegbe o, medoa eɖokui ɖe dzi glodzo o,