Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 22:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eye esi wòtso kplu ɖe asi la, eda akpe ɖe edzi hegblɔ bena: Mixa esia, eye mimã me le mia nɔewo dome;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 Azɔ etsɔ wainkplu ɖeka, eye esi wòda akpe ɖe eta vɔ la, egblɔ na wo be, “Mixɔe, eye ame sia ame nanoe.

Onani mutuwo Koperani




Luka 22:17
15 Mawu Ofanana  

Maka xɔname ƒe kplu la dzi ayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ.


Eɖo kplɔ̃ ɖe akɔnye me le nye ketɔwo ŋku me; èsi ami ɖe ta nam, nye kplu yɔ gba go.


Womaɖu yɔƒenu ahatsɔ afa akɔ na ame ɖokui le ame kuku ta o, eye womano yɔƒeha le ame fofo kple ame dada ta o.


Eye wòɖo bena, amehawo nabɔbɔ nɔ gbea dzi; eye esi wòtsɔ abolo atɔ̃ la kple lã eveawo la, ekpɔ dziƒo, eye wòyra ɖe wo dzi, eye esi wòŋe wo me la, etsɔ wo na eƒe nusrɔ̃lawo, eye nusrɔ̃lawo tsɔ wo na amehaawo.


eye wotsɔ abolo adre lã kple lãwo, eye esi wòda akpe ɖe wo dzi la, eŋe wo me hetsɔ na nusrɔ̃lawo, eye nusrɔ̃lawo tsɔ wo na ameha la.


Eye esi wole nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo ɖe asi, eye esi wògblɔ akpedanya la, eŋe eme hetsɔ na nusrɔ̃lawo gblɔ bena: Mixɔe ɖu! Esia nye nye ŋutilã!


Ke esi wole nua dum la, etsɔ abolo ɖe asi, eye esi wògblɔ akpedanya la, eŋe me, eye wòtsɔe na wo gblɔ bena: Mixɔe ɖu, esia nye nye ŋutilã.


Eye esi wòtsɔ abolo ɖe asi la, eda akpe ɖe edzi, eye wòŋe eme hetsɔe na wo gblɔ bena: Esiae nye nye ŋutilã, si wona le mia ta: miwɔ esia hena ŋkuɖoɖo dzinye.


Eye wòtsɔ abolo atɔ̃ la kple lã eveawo, eye esi wòkpo dziƒo la, eyra ɖe wo dzi, eye wòŋe wo me hetsɔe na nusrɔ̃viwo be, woatsɔ wo ana ameha la.


Amesi bua ŋkeke la, ebunɛ na Aƒetɔ la; eye amesi mebua ŋkeke o la. Aƒetɔ lae mebunɛ na o. Amesi ɖua nu la, eɖunɛ na Aƒetɔ la, elabena eda akpe na Mawu; eye amesi meɖua nu o la, Aƒetɔ lae meɖunɛ na o, eye wodaa akpe na Mawu.


Yayrakplu, si míeyrana la, menye Kristo ƒe ʋu la ƒe hadedee o ɖe? Eye abolo, si míekana la, menye Kristo ƒe ŋutilã ƒe hadedee o ɖe?


Elabena nye la, nusi mexɔ tso Aƒetɔ la gbɔ la, metsɔ de asi na mi bena, Aƒetɔ Yesu le zã, si me wofiã eyome mɔ la, etso abolo ɖe asi,


Ne èɖu nu ɖi ƒo la, ekema kafu Yehowa, wò Mawu, le anyigba nyui, si wòna wò la ta.


Ne miede dua me la, miatui, hafi wòava yi nuɖuƒe le to la dzi; elabena dukɔ la meɖua nu o, vaseɖe esime wòvana va yra vɔsanu la, hafi amesiwo wokpe vɛ la ɖua nu. Eyata miyi, elabena miele etu ge egbea kokoko!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa