Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 21:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Nusiawo, siwo ke kpɔm miele la, ŋkekewo gbɔna, le esiwo me womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi, si womatu asii aƒu anyi o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Yesu gblɔ na wo be, “Ɣeyiɣi aɖe li gbɔna esime woagbã nu siwo kafum miele la. Woagbãe ale gbegbe be kpe ɖeka pɛ hã magasusɔ ɖe nɔvia dzi o. Woatu asi nu sia nu aƒu anyi.”

Onani mutuwo Koperani




Luka 21:6
20 Mawu Ofanana  

Mixa, Morasitɔ la, gblɔ, nya ɖi le Yuda-fia Xizkiya ŋɔli, eye wògblɔ na Yuda-dukɔ blibo lã bena: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Woade Zion abe agble ene, Yerusalem azu anyiglãgo, eye gbedoxɔ ƒe togbɛ la azu togbɛ toave.


ekema mawɔ aƒe sia abe Silo ene, eye matsɔ du sia awɔ ɖiŋudonu na anyigba dzi dukɔwo katã.


Nukaŋuti nègblɔ nya ɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ me be, aƒe sia ano abe Silo ene, eye du sia agba azu aƒedo? Tete dukɔ blibo la ƒo takpli de Yeremya ŋu le Yehowa ƒe me.


Aleke sika nya tsiɖitsiɖi, eye sika nyui ƒe nɔnɔme trɔ? Aleke wolɔ kpe kókɔewo kɔ ɖe kpɔɖomee ƒe dzogoewo katã dzi?


ɖe Zion-to la ŋu, elabena ezu gbegbe, eye abeiwo le edzi tom.


Eyata le mia ta woade Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo, eye gbedoxɔ ƒe to azu togbɛ toave.


Libanon, ʋu wò agbowo, ne dzo nafiã wò sedertiwo.


Maƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe Yerusalem ŋu, ne woawɔ aʋa kplii, woaxɔ ɖua, eye woaha xɔwo, woagblẽ nyɔnuwo, eye ɖu la ƒe afã ayi aboyo me, ke womatsrɔ̃ dukɔ la ƒe susɔe le ɖua me o.


Ke eɖo eŋu gblɔ na wo bena: Ɖe miele nusiawo katã kpɔma? Vavã mele egblɔm na mi bena: Womele kpe gblẽ ge ɖe kpea ɖeke dzi le abi, si womatu asii aƒu anyi o.


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Ele xɔtutu gã siawo kpɔm mahã? Womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi, si womatu asii aƒu anyi o.


Eye wobiae gblo bena: Nufiala, ekema ɣekaɣi nusiawo lava, eye nuka anye dzesi na ɣeyiɣi, si dzi nusiawo lava me mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa