Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 21:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Ke baba na amesiwo fu le wo ƒo kple amesiwo le notsi nam le ŋkeke mawo me; elabena hiãkame gã lava anyigba la dzi kple dɔmedzoe na dukɔ sia.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Ke baba na nyɔnu siwo ƒo fu le kple ame siwo si vidzĩ fɛ̃wo le, elabena nuxaxa geɖe ava anyigba sia dzi eye Mawu ƒe dɔmedzoe ava dukɔ sia dzi.

Onani mutuwo Koperani




Luka 21:23
18 Mawu Ofanana  

Nyɔnu, siwo ame ƒe nu wɔa nublanui na la ƒe asi ɖa woawu ŋutɔ ƒe viwo, eye wonye nuɖuɖu na wo le nye dukɔ ƒe nyɔnuvi la gblẽɣi.


Eye wògblɔ nam be: Kpɔ ɖa, maɖe nusi le dzɔdzɔ ge, ne dɔmedzoe wu enu la, afia wò; elabena nuwuɣi ŋu wòle ɖo.


Eye wogblɔ nɛ bena: Ese nusi ame siawo le gbɔgblɔm mahã? Eye Yesu gblɔ na wo bena: Ẽ! Alo miexlẽe kpɔ bena: „Ɖeviwo kple vi nonowo ƒe nu me nèdzra kafukafu ɖo o mahã?


Wogblɔ ne bena: Atsrɔ̃ ame vlo siawo ŋɔdzitɔe, eye wòatsɔ weingble la ade asi na agbledela bubu, siwo atsɔ kutsetsewo nɛ ɖe woƒe ɣeyiɣi nyuiwo dzi.


Eye amesi ke ladze kpe sia dzi la, aŋe gudugudu; eye amesi ke dzi wòadze la, atui memie.


Ke baba na amesiwo fu le wo ƒo kple amesiwo le notsi nam le ŋkeke mawo me.


Ke baba na amesiwo fu le wo ƒo kple amesiwo le notsi nam le ŋkeke mawo me!


Gake nye ketɔ ma, siwo melɔ̃ be, maɖu fia ɖe wo dzi o la, atikplɔ wo va afii, eye miwu wo le ŋkunye me.


Elabena ŋkekewo ava dziwò, eye wò ketɔwo aƒu kpo ɖe ŋuwò, eye woaɖe to aƒo xlã wò, eye woaxaxa wò ɖe eme le goawo katã dzi,


Elabena kpɔ ɖa, ŋkekewo gbɔna, le esiwo me woagblɔ bena: Woayra konɔwo kple dɔ, siwo medzi vi o, kple no, siwo mena notsi kpɔ o la.


Azɔ mesusu bena, esia nyo le hiãkame, si gbɔna fifi la ŋuti bena, enyo na ame be, wòanɔ anyi nenema.


esi wòxea mo na mí, bena míagagblɔ nya na trɔ̃subɔlawo, bene woaxɔ wo ɖe agbe o, bene woayɔ woƒe nuvɔ̃wo taŋtaŋ ɖaasi la ŋuti; ke dziku, si ava wo dzi la, yɔ taŋtaŋ.


Ke migaŋlɔ dɔmenyowɔwɔ kple hamenunana be o; elabena nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu.


Azɔ la miheyi, mi kesinɔtɔwo; mifa avi, eye mido wuwui le miaƒe nublanuitɔnyenye, si le mia dzi va ge la ŋuti!


Elabena azãgbe la ɖo vɔ, bena ʋɔnudɔdrɔ̃ la nadze gɔme tso Mawu ƒe aƒe me; ke ne wodze egɔme tso mía dzi la, ekema nuka lanye nuwuwu na amesiwo meɖo to Mawu ƒe nyanyuie la o mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa