Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 21:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Ke ne miekpɔ aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem ŋu la, ekema midze sii bena, eƒe aƒedozuɣi ɖo vo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 “Nenye be miekpɔ asrafowo woƒo xlã Yerusalem dua la, ke minyae be dua gbãɣi ɖo vɔ.

Onani mutuwo Koperani




Luka 21:20
7 Mawu Ofanana  

Abla nu sesẽ kple ame geɖewo kwasiɖa ɖeka, eye le kwasiɖa afã me la atsi akpeɖavɔsa kple nuɖuvɔsa nu, eye ŋunyɔ, si mele gbɔgblɔ me o la, axɔ ɖe wo teƒe vaseɖe nuwuwu, si woɖo; emegbe woatrɔ gbegblẽ aƒo ɖe nugblẽla dzi.


Azɔ ne míakpɔ aƒedo ƒe ŋunyɔnu, si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila Daniel dzi la, anɔ tsitre le kɔkɔeƒea la (amesi le exlẽm la, nèse egɔme),


Ke gbesigbe miakpɔ aƒedo ƒe ŋunyɔnu, si nyagblɔɖila Daniel gblɔ ɖi la, wòanɔ tsitre ɖe afisi mele nɛ be, wòatsi tre ɖo o la — amesi le exlẽm la, nèse egɔme — ekema amesiwo le Yudea la, nasi ayi towo dzi;


Elabena ŋkekewo ava dziwò, eye wò ketɔwo aƒu kpo ɖe ŋuwò, eye woaɖe to aƒo xlã wò, eye woaxaxa wò ɖe eme le goawo katã dzi,


Eye wobiae gblo bena: Nufiala, ekema ɣekaɣi nusiawo lava, eye nuka anye dzesi na ɣeyiɣi, si dzi nusiawo lava me mahã?


Le xɔse me Yerixo ŋu gliwo mu dze anyi, esime woƒo xlãe ŋkeke adre megbe.


Eyata miawo hã, esi ɖaseɖilawo ƒe alilikpo gã ŋutɔ ƒo xlã mí la, mina miaɖe nu kpekpe sia nu kpekpe kple nuvɔ̃, si ɖea to ɖe mi la ɖa, eye mina miatsɔ dzidodo anɔ dudimekeke, si woɖo na mí la dzi,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa