Mesee, eye nye dɔme ʋuʋu, nye nuyiwo le ƒoƒom kokóko, eye ŋuɖui ɖo ƒuwo me nam; ne metsi tre ɖi la, menɔa dzodzom nyanyanya, elabena mele anyi nɔ ge kpoo akpɔ hiãɣi, si le dukɔ, si xaxa mí ɖo la dzi va ge.
eye ɖaa míeɖoa ŋku miaƒe xɔse ƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ ƒe agbagbadzedze kpakple mɔkpɔkpɔ na mía Aƒetɔ Yesu Kristo la ƒe dzidodo le Mawu, mía Fofo ƒe ŋku me la dzi.
Nye Yohanes, mia nɔvi kple miaƒe hagomekpɔla le Yesu Kristo ƒe fukpekpe kple fiaɖuƒe kple dzidodo me la, menɔ ƒukpo, si woyɔna be Patmo la dzi le Mawu ƒe nya kple Yesu Kristo ƒe ɖaseɖiɖi ta.
Ne amea ɖe de ame gaxɔ me la, woaɖe eya hã gaxɔ me: ne amea ɖe wu ame kple yi la, ele be, woawu eya hã kple yi. Afii ame kɔkɔewo ƒe dzidodo kple woƒe xɔse le.
Le esi nèlé nye dzidonya me ɖe asi ŋuti la, eyata nye hã malé wò ɖe asi le tetekpɔ ƒe gaƒoƒo, si le xexeame katã dzi va ge, be woate amesiwo nɔa anyigba dzi akpɔ la me.