Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 21:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye wòfɔ kɔ te kpɔ kesinɔtɔ, siwo tso woƒe nunanawo le dadam ɖe nudzɔɖaka la me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Esi Yesu nɔ tsitre ɖe gbedoxɔ la me la, enɔ ŋku lém ɖe ale si kesinɔtɔwo le woƒe nunanawo dam ɖe nudzɔɖaka la me ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Luka 21:1
12 Mawu Ofanana  

eye wòlɔ Yehowa ƒe aƒe ƒe kesinɔnuwo kple fia ƒe aƒe ƒe kesinɔnuwo dzoe, wo katãe wòlɔ dzoe hekpe ɖe sikakpoxɔnu, siwo katã Salomo wɔ la ŋu.


Eye nunɔlawo lɔ̃ edzi be, yewomegale ga xa ge le dukɔ la si o, eye yewomaɖɔ xɔ la ƒe gbagbãƒewo hã ɖo o.


Eye wòlɔ Yehowa ƒe me kesinɔnuwo katã kple fia ƒe me kesinɔnuwo katã tso afima, eye wògbã sikanu, siwo katã Israel-fia Salomo wɔ ɖe Yehowa ƒe xɔ la me, abe alesi Yehowa gblɔ ene.


Eye wòlɔ Mawu ƒe aƒe ŋu dɔwɔnuwo katã, gãwo kple sueawo, kple Yehowa ƒe aƒe la me kesinɔnuwo kpakple fia kple amegãwo ƒe kesinɔnuwo; etsɔ wo katã yi Babel.


eye metsɔ nunɔla Selemya kple agbalẽŋlɔla Zadok kpakple Pedaya tso Lewi-viwo dome do nudzraɖo ƒexɔwo dzikpɔlawoe, eye Matanya vi Zakur ƒe vi Xanan kpe de wo ŋu; elabena wobu wo anukwaretɔwoe, eye wonye woƒe dɔ be, woamã nu na wo nɔviwo.


Ke nunɔlagãwo fɔ klosalo la gblɔ bena: Womeɖe mɔ bena, woatsɔe ade nudzɔdzɔ me o; elabena ʋuƒlegae.


amesiwo mia ahosiwo ƒe aƒewo, eye wodaa alakpa nɔa gbe ɖiɖiwo dom ɖa; amesiawo laxɔ fɔbubu sesẽtɔ awu.


Egblɔ nya siawo le nunyuiedzraɖoƒe la, esi wòle nu fiãm le mawuƒe la me; eye amea ɖeke melée o, elabena eƒe gaƒoƒo mede haɖe o.


Ke klosalo kple sika, akɔblinuwo kple gayibɔnuwo katã ŋu kɔ na Yehowa, eye woatsɔ wo ava Yehowa ƒe nudzraɖoƒe la.


Eye wòtɔ dzo du la kple nusiwo katã le eme, negbe klosalo kple sika, akɔblinuwo kple gayibɔnuwo ko wotsɔ va nudzraɖoƒe le Yehowa ƒe me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa