Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 20:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke ne miegblɔ bena: Amewo gbɔ wòtso la, ekema dukɔ la katã laƒu kpe mí; elabena wokpɔ kakaɖedzi bena, Yohanes enye nyagblɔɖila.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Ne míegblɔ hã be, ‘Amewo gbɔ wòtso la,’ ekema ameha la katã awɔ funyafunya mí, elabena woxɔe se vevie be Yohanes nye nyagblɔɖila.”

Onani mutuwo Koperani




Luka 20:6
13 Mawu Ofanana  

Ekema nukaŋuti gɔ̃e mieɖo go ɖo? Alo nyagblɔɖila kpɔ gea? Ẽ, mele egblɔm na mi bena: Ewu nyagblɔɖila hã.


Eye wòle didim be, yeawui; gake evɔ̃ ameha la, elabena wòbua eyama abe nyagblɔɖila ene.


Ne miegblɔ bena, dziƒo wòtso la, agblɔ na mí bena: Ekema nukaŋuti miexɔ edzi se o? Ke ne miegblɔ bena, amewo gbɔ wòtso la, ekema mievɔ̃ ameha la; elabena wo katã wobu Yohanes abe nyagblɔɖila ene.


Eye wole didim be, yewoalée, ke woyɔ̃ ameha la, elabena wobunɛ abe nyagblɔɖila ene.


Ke wogblɔ bena: Menye le ŋkekenyuie la dzi o, bena zi nagatɔ le dukɔ la dome o.


Eye wodi bena, yewoalée, ke wovɔ̃ ameha la; elabena wonyae bena, yewo ŋu wòdo lo sia ɖo; eye wogblẽe ɖi hedzo.


Ke wò, ɖevi la, woayɔ wò be dziƒoʋitɔ ƒe nyagblɔɖila; elabena àdze Aƒetɔ la ŋgɔ, be nadzra eƒe mowo ɖo,


Ke woawo la woke ɖi kple wo nɔewo gblɔ bena: Ne miegblɔ bena: Dziƒo wòtso la, agblɔ bena: Ekema nukaŋuti miexɔ edzi se oa?


Eye woɖo ŋu bena, yewomenya afisi wòtso o.


Ke farisitɔ kple sefiala, siwo mede mawutsi ta na o la, wowɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu numaɖinui na wo ɖokui.


Eye ame geɖewo va egbɔ, eye wògblɔ bena: Yohanes mewɔ dzesia ɖeke o, gake nusiwo katã Yohanes gblɔ le amesia ŋuti la, wonye nyateƒe.


Tete la aʋafia kple atikplɔtɔwo to edzi yi ɖakplɔ wo vɛ, menye sesẽtɔe o, elabena wovɔ̃ dukɔ la, bena woagaƒu kpe yewo o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa