39 Eye agbalẽfialawo dometɔa ɖewo xɔ edzi gblɔ bena: Nufiala, ègblɔe nyuie.
39 Sefialawo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Nufiala, ègblɔe nyuie ŋutɔ!”
Ke Mawu la, menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbagbewo tɔe; elabena wo katã wole agbe nɛ.
Eye womegado dzi bia nyaa ɖekee o.
Eye ɣlidodo gãa ɖe dzɔ, eye agbalẽfiala, siwo nye farisitɔwo ƒe akpa la, dometɔa ɖewo tsi tre, eye wohe dzre ŋutɔ gblɔ bena: Miekpɔ vɔ̃a ɖeke le amesia ŋu o; ke ne gbɔgbɔa ɖe alo mawudɔlaa ɖe ƒo nu kpakplii la, nukae?