Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 20:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Eye womete ŋu lée le eƒe nya me le dukɔ la ƒe ŋku me o, eye woƒe mo wɔ yaa le eƒe ŋuɖoɖo la ŋuti, eye wozi kpi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

26 Ale mɔ si wotre nɛ be wòaɖee le ameha la ŋkume la mete ŋu ɖee o. Eƒe nyaŋuɖoɖo la wɔ nuku na wo ale gbegbe be ɖoɖoe zi le wo nu.

Onani mutuwo Koperani




Luka 20:26
14 Mawu Ofanana  

Eye Daniel ƒo tatɔawo kple amegãawo ta, elabena gbɔgbɔ triakɔ le eme; eye fia la ɖo be, yeatsɔe aɖo fiaɖuƒe blibo la nu.


eye wògblɔ nɛ bena: Xɔ̃nye, aleke wɔ nèva afisia, eye medo srɔ̃ɖewu o mahã? Eye eƒe nu tsi te.


Eye esi wosee la, wotsiyaa, eye wogblẽe ɖi hedzo.


Ke esi farisitɔwo se bena, ede ga nu na zadukitɔwo la, woƒo wo ɖokui nu ƒu ɖe afi ɖeka.


Ke esi Yesu see la, eƒe mo wo yaa, eye wògblɔ na amesiwo le eyome la bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Le Israel me hã la nyemekpɔ nenem dzixɔse sia tɔgbe kpɔ o.


hele eŋu dzɔm, be woadi nyaa ɖe atso eƒe nu me.


Eye esi wògblɔ esiawo la, ŋukpe lé eƒe adikãtɔwo katã, eye ameha la katã kpɔ dzidzɔ le ŋutikɔkɔedɔ, siwo katã wòwɔ la ŋuti.


Eye wole eŋu dzɔm, eye wodo adzamenɔla, siwo da alakpa be, yewonye ame dzɔdzɔewo la ɖa, bena woalée le nya me, ne yewoadee asi na fia kple mɔ̃mefia ƒe ŋusẽ?


Ke míenyae bena, nusianu, si se la le gbɔgblɔm la, etonɛ na amesiwo le se la me, bene amesiame ƒe nu natsi te, eye xexeme blibo la katã nazu fɔɖila na Mawu.


Elabena tosẽla geɖewo kple nya dzodzro gblɔlawo kple ameblelawo li, vevietɔ le aʋatsotsotɔwo dome,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa