Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 20:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Mifia denario lam: ameka ƒe tata kple ŋɔŋlɔe le edzi mahã? Eye wogblɔ bena: Kaisaro tɔe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

24 “Mitsɔ kɔba ɖeka nam makpɔ ɖa. Ame ka ƒe tatae nye esia le kɔba sia dzi? Eye ame ka ƒe ŋkɔe le tata la te?” Woɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro si nye Roma duwo katã dzi ɖula ƒe tatae.”

Onani mutuwo Koperani




Luka 20:24
14 Mawu Ofanana  

Ke esi nenem dɔla ma do go la, ekpɔ eƒe hadɔtsɔlawo dometɔ ɖeka, si nyi denario alafa le esi, eye wòlée, lé ve nɛ gblɔ bena: Ɖo nusi nènyi la teƒe!


Ke esi eya kple dɔwɔlawo nyi denario ɖeka ƒe asi ɖe ŋkeke ɖeka dzi la, edo wo de eƒe weinbɔ la me.


Yesu gblɔ na wo bena: Ameka ƒe nɔnɔme kple ŋɔŋlɔ enye esia mahã?


Eye wotsɔe vɛ. Eye wògblɔ na wo bena: Ameka ƒe tata kple ŋɔŋlɔ enye sia mahã? Eye wogblɔ nɛ bena: Kaisaro tɔe.


Eye wòva ve me le ŋkeke mawo me be, sedede tso kaisaro Augusto gbɔ bena, woaxlẽ xexeame katã aŋlɔ.


Woɖe mɔ bena, miadzɔ nu na kaisaro loo, alo womeɖe mɔ oa?


Eye esi wòdze si woƒe aɖaŋu vɔ̃a la, egblɔ na wo bena: Nuka miele teyem kpɔ mahã?


Eye wògblɔ na wo bena: Eyaŋuti mitsɔ nusi nye kaisaro tɔ la, na kaisaro, eye nusi nye Mawu tɔ la, na Mawu!


Tete wode asi enutsotso me gblɔ bena: Míekpɔ amesia wòle miaƒe dukɔ la ƒe tame trɔm, eye wògbe na amewo bena, woagadzɔ nu na kaisaro o hele gbɔgblɔm bena, ye ŋutɔe nye Kristo, fia la.


Eye le kaisaro Tiberio ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me, esi Pontio Pilato le mɔ̃mefia ɖum le Yudea, eye Herodes enye dziɖula le Galilea, eye nɔvia Filipo enye dziɖula le Iturea kple Traxoniti-nyigbawo dzi, eye Lisania enye dziɖula le Abilene,


Eye wo dometɔ ɖeka, si ŋkɔ nye Agabo la, tsi tre, eye wòfia dzesi to Gbɔgbɔ la dzi bena, dɔwuame gãa ɖe le xexe blibo la katã me va ge, esia va ve me le kaisaro Klaudio ŋɔli.


Eye Agripa gblɔ na Festo bena: Ɖe amesia metsɔ eƒe nya de kaisaro si me o la, ne woate ŋu aɖe asi le eŋu.


Ame kɔkɔewo katã ɖuɖɔ mi ƒã, vevietɔ amesiwo tso kaisaro ƒe me la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa