Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 20:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eye esi wòdze si woƒe aɖaŋu vɔ̃a la, egblɔ na wo bena: Nuka miele teyem kpɔ mahã?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Yesu kpɔ aye si wɔm ameawo nɔ la dze sii, eya ta wògblɔ be,

Onani mutuwo Koperani




Luka 20:23
16 Mawu Ofanana  

Afisi mia fofo wo tem kpɔ, eye wodom kpɔ le, evɔ wonye wokpɔ nye nuwɔwɔwo hafi.


Eye farisitɔwo kple zadukitɔwo va egbɔ, eye wole etem kpɔ biae bena, wòafia dzesi yewo tso dziƒo.


Ke esi Yesu dze si woƒe vɔ̃ɖinyenye la, egblɔ bena: Nukaŋuti miele teyem kpɔ? Alakpatɔwo!


Eye wole eŋu dzɔm, eye wodo adzamenɔla, siwo da alakpa be, yewonye ame dzɔdzɔewo la ɖa, bena woalée le nya me, ne yewoadee asi na fia kple mɔ̃mefia ƒe ŋusẽ?


Woɖe mɔ bena, miadzɔ nu na kaisaro loo, alo womeɖe mɔ oa?


Mifia denario lam: ameka ƒe tata kple ŋɔŋlɔe le edzi mahã? Eye wogblɔ bena: Kaisaro tɔe.


Eye esi Yesu dze si woƒe ɖikekewo la, exɔ dzi gblɔ na wo bena: Nuka ɖi kem miele le miaƒe dzi me mahã?


Ke enya woƒe tamesusuwo, eye wògblɔ na ŋutsu, si titi lé asi na la bena: Tso, eye natsi tre ɖe titina. Eye wòtso ɖe tsitrenu.


gblɔ bena: Oo, abosamvi, wò amesi yɔ fũ kple alakpa kpakple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ katã, dzɔdzɔenyenyewo katã ƒe ketɔ, ɖe midzudzɔ Aƒetɔ la ƒe mɔ dzɔdzɔewo tɔtrɔ oa?


Migana miate Kristo akpɔ, abe alesi wo dome amea ɖewo tee kpɔ fe ye dawo tsrɔ̃ wo ene la o.


Elabena xexe sia me nunya enye bometsitsi le Mawu gbɔ, elabena woŋlɔ ɖi bena: „Eléa nunyalawo le woƒe aɖaŋu vɔ̃ me.“


bene míaganye ɖevi, siwo nufiafia ƒe ya sia ya ƒona yina gaƒona gbɔna, eye wònyama wo to amewo ƒe beble la me to aɖaŋu vɔ, si nu sẽ la me, le nudadafiafia ƒe amebeblemɔ la nu o,


eye nuwɔwɔa ɖeke mele ɣaɣla le eƒe ŋku me o; ke boŋ woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ miaƒe nya le la ŋku me!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa