Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 20:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Woɖe mɔ bena, miadzɔ nu na kaisaro loo, alo womeɖe mɔ oa?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

22 Azɔ gblɔ wò susu na mí tso nya sia ŋuti. Enyo be míadzɔ nu na Kaisaro loo alo menyo o.”

Onani mutuwo Koperani




Luka 20:22
14 Mawu Ofanana  

Azɔ fia la nanyae be, ne wotso du sia, eye woflɔ gliawo nu la, ekema woagbe nudzɔdzɔ, adzɔ kple mɔtaho nana, eye mlɔe ke la woade fiawɔ bla me.


Tso mía fofowo ŋɔli ke míeda vo geɖe vaseɖe egbe, eye le míaƒe fɔɖiɖi ta wotsɔ mía kple míaƒe fiawo kple míaƒe nunɔlawo de asi na anyigba dzi fiawo, na yi kple aboyoɖeɖe, na haha kple ŋukpedodo, abe alesi wògale egbe siawo ko ene.


Eye ame bubuwo gblɔ bena: Míetsɔ míaƒe agblewo kple míaƒe weingblewo ɖo awɔba, bena míate ŋu adzɔ nu na fia la.


Edzi agblemenu wo le dzidzim ɖe dzi na fia, siwo nètsɔ ɖo mía nu le míaƒe nuvɔ̃wo ta la, woɖu míaƒe ŋutilã kple míaƒe lãwo dzi, alesi dze wo ŋu, eye míeɖo xaxa gã me.


Eye wòbena: Enana! Eye esi wòva aƒe me la, Yesu tre ebiabia gblɔ bena: Simon, nuka nèsusuna? Anyigba dzi fiawo la, ameka si woxɔa adzɔ alo nudzɔdzɔ lena mahã? Le woa ŋutɔwo ƒe viwo si loo, alo le amedzrowo si mahã?


Eye wobiae gblo bena: Nufiala, míenyae bena, nègblɔa nya, eye nefia nu ɖe eteƒe, eye mèkpɔa ame ŋku me o; ke boŋ nèle Mawu ƒe ma la fiãm le nyateƒe me.


Eye esi wòdze si woƒe aɖaŋu vɔ̃a la, egblɔ na wo bena: Nuka miele teyem kpɔ mahã?


Tete wode asi enutsotso me gblɔ bena: Míekpɔ amesia wòle miaƒe dukɔ la ƒe tame trɔm, eye wògbe na amewo bena, woagadzɔ nu na kaisaro o hele gbɔgblɔm bena, ye ŋutɔe nye Kristo, fia la.


Amesia megbe la Yuda, Galileatɔ la, tsi tre le ŋkɔŋɔŋlɔ ŋkekeawo me, eye wòhe ame geɖe ɖe eɖokui ŋu, ame ma hã tsrɔ̃, eye ame geɖe alesi ɖo toe la, ka hlẽ.


Eyata azɔ la mitu fe na amesiame, alesi dze: Amesi tɔ nye nudzɔdzɔ la, mìdzɔ nu nɛ; amesi to nye adzɔnana la, mina adzɔe; amesi dze vɔvɔ̃ la, nuvɔ̃e; amesi dze bubu la, mibui.


ekema naɖo fia, si Yehowa, wò Mawu, atia la, ɖe ɖokuiwò nu; natsɔ nɔviwòwo dometɔ ɖeka aɖo fia ɖe ɖokuiwò nu; mèkpɔ mɔ aɖo du bubu me tɔ, si menye nɔviwò o la, ɖe ɖokuiwò nu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa