Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 20:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye le ɣeyiɣi nyui la dzi la edo dɔla ɖo ɖe agbledelawo gbɔ, bena woatsɔ weingble la ƒe kutsetsea ɖewo anɛ, ke agbledelawo ƒoe, eye wodoe ɖa asi ƒuƒlu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Esi nuŋeɣi ɖo la, edɔ eƒe dɔla ɖeka ɖo ɖe agbledelawo gbɔ be wòava xɔ waingble la ƒe kutsetsea ƒe akpa si nye etɔ gome la vɛ. Gake agblea dzi kpɔlawo ƒo dɔla la vevie, eye wogbugbɔe ɖo ɖa asi ƒuƒlu.

Onani mutuwo Koperani




Luka 20:10
32 Mawu Ofanana  

Tete Zedekiya, Kenaana vi, te va ƒo to me na Mixa gblɔ bena: Afika Yehowa ƒe gbɔgbɔ dzo le gbɔnye yi hafi ƒo nu kpli wò?


Eye Yehowa xlɔ̃ nu Israel kple Yuda to eƒe nyagblɔɖilawo katã, siwo nye nukpɔlawo la dzi gblɔ bena: Mitrɔ tso miaƒe mɔ vɔwo dzi, eye milé nye sewo kple nye dodowo me ɖe asi, abe alesi mede se na mia fofowo kple alesi mede nye dɔla nyagblɔɖilawo si ɖo ɖe mi la ene.


Tete Xanun na wòlé Dawid ƒe dɔlawo, wolũ ge na wo, eye wolã woƒe awu ɖe domedo-mee ɖe agɔnu, eve wodo mɔ wo


Tete dzi ku Asa ɖe nukpɔla la ŋu, eye wòtsɔe de gaxɔ me, elabena dɔme vee ɖe eŋu te nya la ta. Eye Asa sẽ ŋuta le dukɔ la dometɔa ɖewo ŋu ɣemaɣi.


Tete wosẽ to, eye wodze aglã ɖe ŋuwò, wotsɔ wò se la ƒu gbe ɖe megbe, eye wowu wò nyagblɔɖila, siwo xlɔ̃ nu wo, be wioatrɔ wo ɖe ŋuwò la, eye wobɔ ahɔhlɔ ga.


Ezi kpi kpɔ wo ƒe geɖe, eye nètsɔ wò gbɔgbɔ xlɔ̃ nu wo to wò nyagblɔɖilawo dzi, gake womeɖo toe o, eyata nètsɔ wo ɖe asi na anyigba dzi dukɔwo.


Eyama ɖi ati, si woɖo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nusianu, si wówɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!


Yakatsyɔ meƒo mia viwo, wodo toku tohehe la. Miaƒe yi ɖu miaƒe nyagblɔɖilawo abe dzata vuvunu ene.


Pasxur ƒo nyagblɔɖila Yeremya, eye wòbɔ pãe ɖe Benyamin-gbo dzigbeta, si le Yehowa ƒe aƒe ŋu la nu.


Meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo katã ɖe mi ɖaa atraɖii gblɔ bena: Mia dome amesiame netrɔ tso eƒe mɔ vɔwo dzi, miɖɔ miaƒe nuwɔnawo ɖo, eye migadze mawu tutɔwo yome, ne miasubɔ wo o; ekema mianɔ anyigba, si metsɔ na mia kple mia fofowo la dzi; ke mieƒu to anyi o, eye miegbe toɖoɖom.


eye womegblɔ le woƒe dzi me be: mina míavɔ̃ Yehowa, mía Mawu, amesi na tsi dzana, adametsi kple keletsi ɖe wo dzaɣi la o, eya amesi wɔ nuŋeɣi ƒe kwasiɖawo dzi na mí pɛpɛpɛ.


Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòƒu kpe amesiwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ! Zi nenie medi be, maƒo viwòwo nu ƒu, abe alesi koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋala le ene, eye mielɔ̃ o!


Eye wògadɔ dɔla bubu ɖa; ke woƒo eya hã, eye esi wodo ŋukpee la, wodɔe ɖa asi ƒuƒlu.


Eye wòde asi lo sia dodo me na dukɔ la bena: Amea ɖe de weingble, eye woɖee asi na agbleŋlɔlawo, eye wòyi nugbe eteƒe didi.


Menye miawoe liam ke boŋ nyee tia mi, eye meɖo mi anyi, bena miayi aɖatse ku, eye miaƒe kutsetse la nanɔ anyi, bena nusi ke miabia Fofo la le nye ŋkɔa dzi la, ne wòana mi.


Nɔvinyewo, nenema ke miawo hã mieku na se la to Kristo ƒe ŋutilã me, bene míazu ame bubu, si wofa ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la to, bene míatse ku na Mawu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa