Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 20:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye le ŋkekeawo dometɔ ɖeka dzi, esi wòle nu fiam, eye wòle nyanyuie la gblɔm na dukɔ la le mawuƒe me la, eva ve me bena, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kpakple amegãwo va tsi tre,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Esi Yesu nɔ nu fiam amewo, eye wònɔ nyanyui la gblɔm na wo le gbedoxɔ la me le ŋkeke mawo dometɔ ɖeka dzi la, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegãwo va ƒo xlãe heɖe ɖeklemi kplii.

Onani mutuwo Koperani




Luka 20:1
10 Mawu Ofanana  

Le gaƒoƒo ma dzi Yesu gblɔ na amehawo bena: Alesi wotsona ɖe hlɔ̃dola ŋuti la, nenemae mieva lé ye ge kple yiwo kple kpowo; gbãwotsyogbe mebɔbɔ nɔ anyi ɖe mawuƒe la me le nu fiãm, eye mielém kpɔ o.


eye wogblɔ nɛ bena: Gblɔe na mi, ŋusẽ ka nètsɔ wɔ esiawoe? Alo amekae tsɔ ŋusẽ sia na wò mahã?


Eye wòva ve me le esia megbe ʋee la bena, eyi ɖato duawo kple kɔƒeawo me, hele mawufiaɖuƒe ŋu nyanyuie gblɔm fia; eye ame wuieveawo le eŋu


Yesu ɖo ŋu nɛ bena: Nye la meƒo nu na xexeame le gaglãgbe, mefia nu ɖaa le ƒuƒoƒewo kple mawuƒe me, afisi Yudatɔwo katã ƒoa ƒu ɖo, eye nyemegblɔ nyaa ɖeke le ɣaɣlaƒe kpɔ o.


Ke esi wole nu ƒom na dukɔa la, nunɔlawo kple mawuxɔdzikpɔla kpakple zadukitɔwo do ɖe wo dzi,


Eye wode zi dukɔ la kple amegãwo kpakple agbalẽfialawo me; eye wova dze edzi, eye wòlée hekplɔe yi ɖe ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋku me;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa