Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 2:51 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

51 Eye wòyi kpli wo, eye wòva Nazaret, eye wòbɔbɔ eɖokui na wo, eye dadaa tsɔ nya siawo katã dzra ɖo ɖe eƒe dzi me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

51 Ale Yesu trɔ yi Nazaret kpli wo, eye wònaa bubu edzilawo nyuie ŋutɔ. Ke dadaa tsɔ nya siawo katã ɣla ɖe eƒe dzi me.

Onani mutuwo Koperani




Luka 2:51
15 Mawu Ofanana  

Tso esia dzi la nɔviawo ʋã ŋui; ke fofoa dzra nya la ɖo.


Meɣla wò nyawo ɖe nye dzi me, ne nyemagawɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò o.


Nyaawo seƒe enye si. Ke nye Daniel, nye tamesusuwo do ŋɔdzi nam, eye nye mo fu tititi; eye medzra nyaawo ɖo ɖe nye dzi me.


Ke esi wogale nu ƒom na amehawo la, kpɔ ɖa, dadaa kple nɔviawo le tsitre le xexe le didim be, yewoaƒo nu kpakplii.


Ke Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Na mɔ azɔ, elabena nenema koe dze mí bena, míawu nu dzɔdzɔewo katã nu. Tete wòɖe mo nɛ.


Eye wòva ve me le ŋkeke mawo me bena, Yesu tso Nazaret le Galilea va, eye Yohanes de mawutsi ta ne ɖe Yordan-tɔsisi la me.


Alo amesia la, de menye atikpala, si nye Mana vi la, kple Yakobo, Yose, Yuda kpakple Simon nɔvi lae o mahã? Eye nɔvianyɔnuwo hã mele mía dome afisia o mahã? Eye wòzu nuɖiaɖia na wo le eyama ŋuti.


Eye woto nɛ bena: Yesu, Nazaretetɔ lae le eŋuti tom.


Ke Mana lé nya siawo katã ɖe ta me, eye wobu wo ŋuti le eƒe dzi me.


Eye esi wowu nuwo katã nu le Aƒetɔ ƒe sea nu la, wògatrɔ yi Galilea ɖe woawo ŋutɔ ƒe du Nazaret la me.


Eye wòva Nazaret, afisi wonyii le, eye le eƒe kɔa nu la eyi ɖe ƒuƒoƒe la le Sabat-ŋkeke dzi, eye wòtsi tre be, yeaxlẽ agbalẽ.


Eye wògblɔ na wo bena: Míado lo sia nam tsã be: „Gbedala, da gbe ɖokuiwò ŋu!“ Nusiwo miese bena, nèwɔ le Kapernaum la, wɔe le mía ɖe afisia hã.


eye mibɔbɔ mia ɖokui na mia nɔewo le Kristo vovɔ̃ me.


Elabena esia ŋuti woyɔ mi vɛ ɖo; elabena Kristo hã kpe fu le mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, bene miadze eƒe afɔɖoƒewo yome,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa