Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 2:49 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

49 Eye wògblɔ na wo bena: Nuka wɔ miedim ma? Ɖe mienya bena, ele nam be, manɔ nusiwo nye fofonye tɔ me o mahã?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

49 Yesu, ɖevi la ɖo eŋu be, “Nu ka ta wòle be miadim ɖo? Mienya be ele be manɔ Gbedoxɔ la me, afi si nye Fofonye ƒe aƒe me oa?”

Onani mutuwo Koperani




Luka 2:49
11 Mawu Ofanana  

Tete megblɔ bena: Kpɔ ɖa, megbɔna, agbalẽ me woŋlɔ nya ɖo le ŋunye.


Kpɔ ɖa, mele nye dɔla dɔ ge ɖa, ne wòata mɔ le ŋgɔnye, eye Aƒetɔ, si ta biam miele la, ava eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi, kpɔ ɖa, nubabla ƒe dɔla, si ɖim miele la, le vava ge, Yehowa ye gblɔe.


Eye Yesu yi ɖe mawuƒe la me, eye wònyã amesiwo katã le nu dzram kple nu ƒlem le mawuƒea me la ɖo go, eye wòmũ ga ɖuɖɔlawo ƒe kplɔ̃wo kple amesiwo le akpakpa dzram la ƒe zikpui wo ƒu anyi;


Eye esi wokpɔe la, kuvia ɖo wo, eye dadaa gblɔ nɛ bena: Vinye, nukaŋuti newɔ ɖe mia ŋu ale? Kpɔ ɖa, mia kple fofowò miedi wò kple nuxaxa.


Yesu gblɔ na wo bena: Nye nuɖuɖu enye bena, mawɔ amesi dom ɖa la ƒe lɔlɔ̃anu, eye mawu eƒe dɔwɔwɔ la nu.


Ke eɖo ŋu na wo bena; Fofonye le dɔ wɔm vaseɖe fifi, eye nye hã mele ɖo wɔm.


Ke nye la mexɔ ɖaseɖiɖi, si lolo wu Yohanes tɔ; elabena dɔwɔwɔ, siwo Fofo la nam, bena mawu wo nu la, dɔwɔwɔ ma, siwo ke wɔm mele la, le ɖase ɖim le ŋutinye bena, Fofo lae dɔm ɖa.


Elabena medi tso dziƒo va, menye bena mawɔ nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, negbe amesi dɔm da la ƒe lɔlɔ̃nu ko.


Eye amesi dɔm ɖa la, li kplim, eye megblẽ nye ɖeka ɖi o: elabena nye la mewɔa nusi dzea eŋu ɖaa.


Ele nam bena, mawɔ amesi dɔm ɖa la ƒe dɔwɔwɔwo, zi alesi ŋkeke li; zã gbɔna dodo ge, le esi me amea ɖeke mate ŋu awɔ dɔ o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa