47 eye amesiwo katã see la, woƒe mo wɔ yaa le eƒe nugɔmesese kple eƒe ŋuɖoɖowo ŋuti.
47 Amewo katã ƒe nu ku le eƒe nunya kple nugɔmesese ta.
Medze nunya wu nye nufialawo katã, elabena wò ɖaseɖiɖiwo nye nye ŋugbledede.
Eye esi wòva fofoawo ɖe la, efiã nu wo le woƒe ƒuƒoƒe, ale bena kuvia ɖo wo wogblɔ bena: Afika amesia kpo nenem nunya kple ŋusẽawo tsoe mahã?
Eye esi amehaawo see la, kuvia ɖo wo le eƒe nufiafia la ŋuti.
Eye wòva me, esime Yesu wu nenem nya siawo nu va la, kuvia ɖo amehawo le eƒe nufiafia la ŋuti;
Eye kuvia ɖo wo le eƒe nufiafia la ŋuti; elabena efia nu wo abe amesi si ŋusẽ le la ene, eye menye abe agbalẽfialawo ene o.
Eye nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo see, eye wodi, alesi woawɔ awui, elabena wovɔ̃e; elabena kuvia ɖo ameha blibo la katã le eƒe nufiafia la ŋuti.
Eye esi Sabat ɖo la, ede asi nufiafia me le ƒuƒoƒe la, eye ame geɖe, siwo see la, ƒe nu ku, eye wogblɔ bena: Afika amesia kpɔ nusiawo tsoe, eye nunya ka ƒomevi nye esi wonae mahã, ale be ŋusẽdɔ siawo va ve me to eƒe asi dzi mahã?
Eye amesiwo katã see la, woƒe mo wɔ yaa le nya, siwo alẽnyilawo gblɔ na wo la ŋuti.
Eye le ŋkeke etɔ̃ megbe la eva ve me bena, wokpɔe le mawuƒe la me le anyinɔƒe le nusiawo dome, hele to ɖom wo, eye wòle nya biam wo;
Eye ameawo katã ɖi ɖase nɛ, eye woƒe mo wo yaa le amenuvevenya, siwo do go tso eƒe nu me lã ŋuti, eye wogblɔ bena: Alo amesia la menye Yosef vie o ɖe?
eye kuvia ɖo wo le eƒe nufiafia la ŋuti, elabena egblɔ nya ŋusẽtɔe.
Eyaŋuti Yudatɔwo tsi yaa gblɔ bena: Aleke wo amesia nya agbalẽ, esi nasrɔ̃ nu kpo o mahã!
Atikplɔtɔwo ɖo ŋu bena Amea ɖeke meƒo nu ale, abe alesi amesia ƒo nui ene kpɔ o.