Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 2:46 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

46 Eye le ŋkeke etɔ̃ megbe la eva ve me bena, wokpɔe le mawuƒe la me le anyinɔƒe le nusiawo dome, hele to ɖom wo, eye wòle nya biam wo;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

46 Wodii le afi ma ŋkeke etɔ̃ hafi va ke ɖe eŋu le gbedoxɔ la me le sefialagãwo dome wònɔ biabia sesẽwo me dzrom kpli wo.

Onani mutuwo Koperani




Luka 2:46
13 Mawu Ofanana  

Esi Yerobeam kple dukɔ blibo la va Rexabeam gbɔ le ŋkeke etɔ̃agbe, abe alesi fia la gblɔ bena: miva gbɔnye le ŋkeke etɔ̃agbe ene la,


Eɖo ŋu na wo bena: Miyi, ŋkeke etɔ megbe miagava gbɔnye. Eye dukɔ la dzo.


Aƒetɔ Yehowa tsɔ nusrɔ̃viwo ƒe aɖe nam, ne manya alesi matsɔ nuƒoƒo akpe ɖe amesiwo ŋu ɖeɖi te la ŋui. Enyɔam ŋdi sia ŋdi, eʋua to nam, ne mase nu abe nusrɔ̃vi ene.


elabena abe alesi Yona nɔ ƒumelãtsu ƒe ɖɔ me xɔ ŋkeke etɔ̃ kple zã hã etɔ̃ la, nenema ke amegbetɔvi la anɔ anyigba ƒe tu me ŋkeke etɔ̃ kple zã hã etɔ̃.


Tso ekema dzi la Yesu de asi eƒe nusrɔ̃lawo fiafia me, alesi, wòle nɛ godoo bena, wòayi Yerusalem, eye woakpe fu geɖe atso amegãwo kple nunɔlagãwo kpakple agbalẽfialawo si me, eye woawui, eye le ŋkeke etɔ̃agbe wòafɔe ɖe tsitre.


eye amesiwo katã see la, woƒe mo wɔ yaa le eƒe nugɔmesese kple eƒe ŋuɖoɖowo ŋuti.


Eye gbe ɖeka la eva ve me bena, esi wòle nu fiãm, eye farisitɔwo kple sefiala, siwo tso Galilea kple Yudea-duwo katã me kpakple Yerusalem va la, wobɔbɔ nɔ afima, eye Aƒetɔ ƒe ŋusẽ ti be, wòada gbe le wo ŋu.


Yesu ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Israel ƒe nufiala nènye, eye menya nusiawo o mahã?


Ke farisitɔa ɖe, si ŋkɔ nye Gamaliel, sefiala, si dukɔ la katã buna la, tsi tre le ʋɔnudrɔ̃lawo me; eye wòde se be, woakplɔ amesiawo ado goe ʋee.


hele didim be, yewoanye sefialawo, eye womenya nusiwo wogblɔna alo nusiwo dzi woka ɖo la gɔme o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa