42 Eye esi wòxɔ ƒe wuieve la, woyi Yerusalem le ŋkekenyuie ƒe koa nu.
42 Esi Yesu xɔ ƒe wuieve la, woyi ŋkeke la ɖuƒe le kɔnyinyi la nu.
Wò ŋutsuwo katã nava wò Aƒetɔ Yehowa ƒe ŋku me zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me.
Eye eƒe dzilawo yia Yerusalem ƒe sia ƒe ɖe ŋutitotoŋkekenyuieɖuƒe.
Eye esi wowu ŋkekeawo nu la, Yesu ɖevi la tsi megbe le Yerusalem le woƒe tɔtrɔgbɔ me, eye eƒe dzilawo menye o.
Eye wòva Nazaret, afisi wonyii le, eye le eƒe kɔa nu la eyi ɖe ƒuƒoƒe la le Sabat-ŋkeke dzi, eye wòtsi tre be, yeaxlẽ agbalẽ.
Azɔ esi wòva Galilea la, Galileatɔwo xɔe, esime wokpɔ nusiwo katã wòwɔ le Yerusalem le ŋkekenyuie la ɖu ƒe; elabena woawo hã de ŋkekenyuie la ɖuƒe.