Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 2:37 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

37 eye wònye ahosi, si xɔ ƒe blaenyi vɔ ene, eye medzona le mawuƒe la me o hele Mawu subɔm kple nutsitsiɖɔ kpakple kukuɖeɖe zã kple keli.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

37 eye wònye ahosi si xɔ ƒe blaenyi-vɔ-ene sɔŋ. Nyɔnu sia medzona le gbedoxɔ la me gbeɖe o. Enɔa afi sia zã kple keli nɔa Mawu subɔm henɔa gbedodoɖa kple nutsitsidɔ dzi atraɖii.

Onani mutuwo Koperani




Luka 2:37
16 Mawu Ofanana  

Nye Mawu, nye Mawu, nukaŋuti nègblẽm ɖi? Nye hũɖeɖe ƒe nyawo metsɔ ɖe nye xɔname gbɔ o.


E, dzɔgbenyuie kple amenuveve adze yonyeme le nye agbe me ŋkekewo katã me, eye mana Yehowa ƒe me ɖaa.


Nu ɖeka mebia Yehowa, esi le dzroyem, be manɔ Yehowa ƒe me le nye agbe me ŋkekewo katã me, eye makpa Yehowa ƒe vivisesewo katã kple ŋku, eye mayi tame le eƒe gbeɖoxɔ me.


Mawu, mía akpoxɔnu, kpɔ nu, eye nalé ŋku ɖe wò amesiamina la ƒe mo!


Xevi kpɔ aƒe, eye sagbadre kpɔ atɔ na eɖokui, afisi wòatsɔ viawo aɖoe, eye nye wò vɔsamlekpuiwo, Yehowa Zebaot, nanye kple Mawunye.


Ame dzɔdzɔe la atu hlo abe deti ene, eye wòade dzi abe sederti le Libanon dzi ene.


Etsɔ akɔbli wɔ tsileze la kple eƒe zɔ; nyɔnu, siwo subɔna le Mawu ƒe agbadɔa nu la, ƒe ahuhɔ̃ewo wòtsɔ wɔe.


Ke woawo la wogblɔ nɛ bena: Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo tsia nu dɔna atraɖi, eye wonɔa gbe ɖom ɖa, nenema ke farisitɔwo tɔwo hã wɔna; ke tɔwòwo ɖua nu, eye wonoa nu.


Tete wotsi nu dɔ, eye wodo gbe ɖa, eye wotsɔ woƒe asiwò da de wo dzi, eye wodo mɔ wo.


Eye esi wotia amegãwo na wo le ha sia ha me la, wodo gbe ɖa kple nutsitsiɖɔ, eye wotso wo ɖe Aƒetɔ, si dzi woxɔ se la, si me.


esi míaƒe ƒome wuieve la le mɔ kpɔm na hele Mawu subɔm vevie zã kple keli, bena woasu wo si. Le mɔkpɔkpɔ sia la, fia Agripa, Yudatɔwo le nunye tsom ɖo esi.


Ke nyɔnu, si nye ahosi vavã, eye amea ɖeke meli nɛ o la, tsɔa eƒe mɔkpɔkpɔ ɖoa Mawu dzi, eye wònɔa kukuɖeɖewo kple gbedodoɖawo dzi zã kple keli.


Amesi ke ɖu dzi la, mawɔe wòanye sɔti le nye mawukɔa me, eye magaɖo go akpɔ o, eye maŋlɔ nye Mawu ŋkɔ kple nye Mawu ƒe ɖu, si nye Yerusalem yeye, si ɖi tso dziƒo tso nye Mawu gbɔ va la, ƒe ŋkɔ kple nye ŋkɔ yeye la ɖe eyama ŋu.


Eyata wole Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ, eye wosubɔnɛ zã kple keli le eƒe xɔ la me, eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi la, anɔ wo dome.


Amea ɖeke mele kɔkɔe abe Yehowa ene o, ɖeke mekpe ɖe ŋuwò o, eye agakpea ɖeke meli abe mía Mawu la ene o!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa