Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 2:36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

36 Eye Hana, nyɔnu nyagblɔɖilaa ɖe li, enye Fanuel ƒe nyɔnuvi tso Aser-ƒome me, si xɔ ƒe geɖe ŋutɔ, eye wònɔ anyi kple srɔ̃a ƒe adre tso eƒe ɖetugbi me;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

36 Nyɔnu nyagblɔɖila aɖe si woyɔna be Ana hã nɔ gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Enye Fanuel si tso Yuda ƒe ƒome si woyɔna be Aser me la ƒe vi. Exɔ ƒe geɖe ŋutɔ, eye wònɔ anyi kple srɔ̃a ƒe adre tso eƒe ɖetugbime,

Onani mutuwo Koperani




Luka 2:36
18 Mawu Ofanana  

Tete Lea gblɔ bena: Mekpɔ dzɔgbe nyui! Azɔ vinyɔnuwo akafum bena, dzɔgbenyuitɔ menye. Eyata wòna ŋkɔe be Aser.


Tete nunɔla Xilkiya, Axikam, Axbor kple Safan kpakple Asaya woyi nyɔnu nyagblɔɖila Xulda, amesi nye Xarxas vi Tikwa ƒe vi Salum, amesi nye awu dzikpɔla srɔ̃, eye wònɔ Yerusalem-du la ƒe to evelia la gbɔ, eye woƒo nu kplii.


Atsi aƒu ga, hafi ayi yɔ me, abe alesi wotsɔa lu bablawo va aƒee le woƒe ɣeyiɣi dzi ene.


Wodo wo ɖe Yehowa ƒe aƒe la me, eye woƒo se ɖe mía Mawu ƒe xɔxɔnuwo.


Eye nyɔnu nyagblɔla Miryam. Aron nɔvinyɔnu, tsɔ axatse ɖe asi, eye nyɔnuwo katã tsɔ axatsewo ɖe asi le ɣe ɖum kplɔe ɖo.


Wò amevi, trɔ ŋgɔ dze wò dukɔ ƒe nyɔnuvi, siwo le nya gblɔm ɖi tso woawo ŋutɔ ƒe dzi me, eye nagblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu,


ke wò la, yi ato wò ŋutɔ wò luʋɔ me, bena woaɖe ame geɖewo ƒe dzimesusuwo afia.


Eya hã va tsi tre le gaƒoƒo ma ke dzi, le Aƒetɔ kafum, eye wòƒo nu le eŋuti na amesiwo katã le Yerusalem ƒe ɖeɖe lalam.


Eye le ŋkeke mawo me la matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖe nye dɔlaŋutsuwo kple nye dɔlanyɔnuwo hã dzi, eye woagblɔ nya ɖi.


Ke ɖetugbivi ene, siwo gblɔa nya ɖi la, le amesia si.


Ke nyɔnu sia nyɔnu, si doa gbe ɖa alo gblɔa nya ɖi, eye mebia ta o la, edoa ŋukpe eƒe ta, elabena ele abe ɖe wòlũ ta ene.


Ke le gbɔgbɔ me nunanawo ŋuti la, nɔviwò, nyemele didim be, mianye ame manyanuwo o.


Azɔ la ele na dzikpɔla bena, mokaka naganɔ eŋu o: Wòanye nyɔnu ɖeka srɔ̃, ɖokuidziɖula, ame ɖɔŋuɖo, nudzeamewɔla, amedzrowɔla, amesi nya nufiafia;


Megatia ahosi, si mexɔ ƒe blaade haɖe o la o: Amesi nye ŋutsu ɖeka srɔ̃,


Dzidze atɔ̃lia dze Aser-viwo ƒe to la dzi le woƒe ƒomeawo nu.


le Aser ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Naftali ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Manase ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu;


Ɣemaɣi la nyɔnu-nyagblɔɖila Debora, Lapidot srɔ̃e, drɔ̃ ʋɔnu na Israel.


Eɖe srɔ̃ eve, ɖeka ŋkɔ nye Xana, eye evelia ŋkɔ nye Penina; Penina dzi vi, ke Xana medzi via ɖeke o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa