Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 2:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖee fiae bena, mele kuku ge, hafi akpɔ Aƒetɔ la ƒe Kristo o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

26 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖee fiae be maku akpɔ o, va se ɖe esime wòkpɔ Aƒetɔ la ƒe Kristo.

Onani mutuwo Koperani




Luka 2:26
20 Mawu Ofanana  

Anyigba dzi fiawo tso, eye amegãwo ƒo takpli ɖe aɖaŋu me ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina ŋu.


Ke nye la meɖo fianye le Zion, nye to kɔkɔe la dzi.


Yehowa bɔa ha kple amesiwo vɔ̃nɛ la, eye wònana wonyaa eƒe nubabla.


Aƒetɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be mahe du nyui la ayi na amesiwo wole ɖe anyi; eɖom ɖa, be mada gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, maɖe gbe ƒã ablɔɖe na gatɔwo, ne woaɖe ga amesiwo wode gãe;


Elabena Yehowa mewɔa naneke, ne meɖe eƒe tameɖoɖo fia eƒe ɖɔla, nyagblɔɖilawo hafi o.


Eye esi Mawu gbe nya na wo le drɔ̃eƒe be, womagagbugbɔ ayi Herodes gbɔ o la, woto mɔ bubu gbugbɔ yi wo de.


Aƒetɔ, azɔ èɖo mɔ wò dɔla le ŋutifafa me le wò nya la nu;


Ke mele egblɔm na mi nyateƒelɔe bena: Amea ɖewo le amesiwo le tsitre le afisia dome, esiwo mele ku ɖɔ ge akpɔ, vaseɖe esime woakpɔ mawufiaɖuƒe la o.


Eya kpɔ ye ŋuta nɔvia Simon gbã, eye wògblɔ nɛ bena: Míekpɔ Mesia la, (si gome enye Kristo).


ke woŋlɔ esiawo ɖi, bena miaxɔ ase bena, Yesu enye Kristo, Mawuvi la, eye bena ne miexɔe se la, miakpɔ agbe le eƒe ŋkɔ la me.


Miva kpɔ amea ɖe, si gblɔ nusiwo katã mewo kpɔ la nam; ɖe menye esia nye Kristo la oa?


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Ne amea ɖe dzra nye nya ɖo la, mele ku kpɔ ge akpɔ o vaseɖe mavɔmavɔ me.


Yesu, Nazaretetɔ la, alesi Mawu tsa Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple ŋusẽ hesi nɛ, amesi tsa hele nu nyui wɔm, eye wòda gbe le amesiwo katã dzi Abosam ɖu la ŋu, elabena Mawu li kplii.


eye wòle eme ʋum fia wo kɔte bena, ele na Kristo be, woakpe fu, eye wòatsi tre tso ame kukuwo dome, eye bena amesiae nye Kristo Yesu, amesi ŋutinya gblɔm mele le mia fiam.


Eyata Israel-ƒeme katã nanyae kɔte bena, Yesu sia, si ke miawo mieklã ɖe ati ŋuti la, Mawu wɔe Aƒetɔ kple Kristo.


Eye enumake wòɖe gbe ƒã le Yesu ŋuti le ƒuƒoƒeawo me bena, eyae nye Mawuvi.


Le xɔse me wotsɔ Henox yii, bene magakpɔ ku o, eye womegakpɔe o; elabena Mawu tsɔe yii, elabena hafi woatsɔe ayii la, wodi ɖase nɛ bena, edze Mawu ŋu nyuie.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa