Eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Siria blibo la katã; eye wotsɔ amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple amesiwo le dɔ bubu ƒomeviwo lém, kple amesiwo le fu kpem, kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, kple kpeŋuikulawo kple lãmetututɔwo katã va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu.
Amesia megbe la Yuda, Galileatɔ la, tsi tre le ŋkɔŋɔŋlɔ ŋkekeawo me, eye wòhe ame geɖe ɖe eɖokui ŋu, ame ma hã tsrɔ̃, eye ame geɖe alesi ɖo toe la, ka hlẽ.