Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 19:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye Yesu gblɔ ne bena: Egbe xɔxɔ va aƒe sia me, ɖe esi eya hã nye Abraham vi ŋuti.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Yesu gblɔ nɛ be, “Egbe xɔxɔ va aƒe sia me, elabena ame sia hã la, Abraham vi wònye.

Onani mutuwo Koperani




Luka 19:9
15 Mawu Ofanana  

Ke Abraham ƒe vinyɔnu sia, si Satana bla, kpɔ ɖa, ƒe wuienyi sɔŋ la, ɖe medze be, woatui le babla sia me le Sabat ŋkeke dzi o mahã?


Eye kpɔ ɖa, mlɔetɔwo li, siwo azu gbãtɔwo, eye gbãtɔwo li, siwo azu mlɔetɔwo.


Eye wòdo ɣli gblɔ bena: Fofo Abraham, ve nunye, eye nadɔ Lazaro ɖa bena woatsɔ eƒe asibidenu ata tsi me, eye wòafa aɖe nam, elabena mele fu kpem le dzo ƒe aɖe sia me.


Eye wògbɔ bena: Gbeɖe, fofo Abraham; ke boŋ ne amea ɖe tso ame kukuwo dome yi wo gbɔ la, wòatrɔ le woƒe dziwo me.


elabena nye ŋkuwo kpɔ wò xɔxɔ,


Azɔ mitse ku, siwo dze dzimetɔtrɔ, eye migade asi gbɔgblɔ me le mia ɖokui me bena: Abraham ye nye mía fofo o; elabena mele egblɔm na mi bena: Mawu ate ŋu anyɔ viwo atso kpe siawo me ke na Abraham.


Eyata xɔse me wòtso, bene wòanye le amenuveve nu, bene ŋugbedodo nali zã na ƒome sia ƒome, menye amesiwo tso sea me ɖeɖeko o, hafi amesiwo tso Abraham ƒe xɔse me hã, amesi nye mí katã mia fofo la,


bene Abraham ƒe yayra la nava trɔ̃subɔlawo dzi le Kristo Yesu me, bene miaxa Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋugbedodo la to xɔse me.


Ke ne míenye Kristo ta la, ekema Abraham ƒe ƒome kple domenyilawo míenye le ŋugbedodo la nu.


Eyata midze sii bena, amesiwo tso xɔse me la, woawo koe nye Abraham-viwo.


mi amesiwo menye dukɔ tsã o; ke azɔ la míenye Mawu ƒe dukɔ, mi amesiwo womekpɔ nublanui na o, ke azɔ la wokpɔ nublanui na mi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa