Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 19:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye esi Yesu va ɖo teƒea la, ewu mo dzi gblɔ nɛ bena: Zaxeo, ɖi kaba; elabena ele nam egbea be, manɔ aƒewò me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Esi Yesu va ɖo atia te la, ewu mo dzi kpɔ Zaxeo le atia me. Eyɔ eŋkɔ be, “Zaxeo, ɖi kaba! Elabena madze aƒewò me egbe.”

Onani mutuwo Koperani




Luka 19:5
17 Mawu Ofanana  

Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.


Tete meva to ŋuwò yi, eye mekpɔ wò nèle afɔti dam le wò ʋu me. Eye megblɔ na wò le wò ʋu me be: Atsi agbe! Wò ʋu mee nèle megblɔ na wò be: Atsi agbe!


Elabena Amegbetɔvi la va, be yeaɖi, eye yeaɖe amesiwo bu la.


Eye kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe, si ŋkɔ woyɔna be Zaxeo la li, eye wònye nudzɔlawo ƒe amegã ganye kesinɔtɔ hã.


Eye wòƒu du dze ŋgɔ ɖaha gbotia ɖe dzi, be yeakpɔe, elabena egbɔna afima to ge.


Eye wòɖi kaba, eye wòxɔe kple dzidzɔ.


Natanael gblɔ ne bena: Afika nènyam le? Yesu ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Hafi Filipo yɔ wò, esime nèle gbotia te la, mekpɔ wò tso.


Yesu ɖo ŋu, eye wògblɔ nɛ bena: Ne amea ɖe le lɔ̃yem la, alé nye nya la me ɖe asi, eye Fofonye alɔ̃ eyama, eye miava egbɔ, eye míawɔ nɔƒe ɖe egbɔ.


Esi míenye hadɔwɔlawo ŋuti la, míele nu xlɔ̃m mi hã bena, miagaxɔ Mawu ƒe amenuveve la dzodzro o.


bene Kristo nanɔ anyi le miaƒe dziwo me to xɔse me,


Migaŋlɔ amedzroxɔxɔ be o; elabena le esia wɔwɔ me la amea ɖewo xa dziƒodɔlawo dze wo gbã, gake womenyae o.


Kpɔ ɖa, mele tsitre le ʋɔa nu le eƒom; ne amea ɖe se nye gbe, eye woʋu ʋɔa la, míage ɖe eme le egbɔ, eye maɖu nu kplii, eye eya hã aɖu nu kplim.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa