Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 19:47 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

47 Eye wòle nu fiãm le mawuƒe la me gbesiagbe. Ke nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegãwo di be, yewoawui;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

47 Le esia megbe la, efia nu le gbedoxɔ la me gbe sia gbe, gake nunɔlagãwo, sefialawo kple ame ŋkuta siwo le dua me la nɔ mɔnu dim be yewoaɖe eƒe agbe ɖa.

Onani mutuwo Koperani




Luka 19:47
17 Mawu Ofanana  

Ke esi wòva mawuƒe me, eye wòle nu fiãm amewo la, nunɔlagãwo kple dumegãwo va egbɔ gblɔ bena: Ŋusẽ ka nètsɔ wɔ esiawoe, eye amekae tsɔ nenem ŋusẽ sia na wò mahã?


Le gaƒoƒo ma dzi Yesu gblɔ na amehawo bena: Alesi wotsona ɖe hlɔ̃dola ŋuti la, nenemae mieva lé ye ge kple yiwo kple kpowo; gbãwotsyogbe mebɔbɔ nɔ anyi ɖe mawuƒe la me le nu fiãm, eye mielém kpɔ o.


Eye nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo see, eye wodi, alesi woawɔ awui, elabena wovɔ̃e; elabena kuvia ɖo ameha blibo la katã le eƒe nufiafia la ŋuti.


Eye wodi bena, yewoalée, ke wovɔ̃ ameha la; elabena wonyae bena, yewo ŋu wòdo lo sia ɖo; eye wogblẽe ɖi hedzo.


Eye wòsusɔ ŋkeke eve, ne ŋutitoto kple abolo maʋamaʋã ƒe ŋkekenyuie la naɖo; eye nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo ɖi alesi woawɔ alée le aɖaŋu me, ne woawui;


Gbawotsyogbe menɔa mawuƒe la me kpli mi nɔa nu fiãm, ke mielém o; gake wowɔ esia, bena woawu ŋɔŋlɔawo nu.


eye womekpɔ alesi woawɔ o; elabena dukɔ la katã ku de eŋu hele to ɖomii.


Eye agbalẽfialawo kple nunɔlagãwo di bena, yewoalée le gaƒoƒo ma me, ke wovɔ̃ dukɔ la, elabena wodze sii bena, edo lo sia ɖe yewo ŋu.


Tete wogadi bena, yewoalée, ke edo le wo si me heyi.


Yesu ɖo ŋu nɛ bena: Nye la meƒo nu na xexeame le gaglãgbe, mefia nu ɖaa le ƒuƒoƒewo kple mawuƒe me, afisi Yudatɔwo katã ƒoa ƒu ɖo, eye nyemegblɔ nyaa ɖeke le ɣaɣlaƒe kpɔ o.


Alo menye Mose ye na se la mi oa, eye mia dometɔa ɖeke mewo se la dzi o; nukaŋuti miele didim be, mia wum mahã?


Ke wo dometɔa ɖewo ɖi be, yewoalée; gake amea ɖeke meɖo asi ɖe egbɔ o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa